2 Mose 22:1-31

  • Ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo na Israel (1-31)

    • Le fififi ŋu (1-4)

    • Le ame si gblẽ agblemenukuwo dome ŋu (5, 6)

    • Le ale si woaɖo nane teƒe kple nutɔnyenye ŋu (7-15)

    • Le ŋutsu si able ɖetugbui leaƒe adɔ egbɔ ŋu (16, 17)

    • Le subɔsubɔ kple nya dzɔdzɔe ŋu (18-31)

22  “Ne ame aɖe fi nyi alo alẽ, eye wòwui alo dzrae la, ekema wòatsɔ nyi atɔ̃ aɖo nyi la teƒe, kple alẽ ene aɖo alẽ la teƒe.+  (Ne fiafitɔ+ aɖe dze kpɔ va fifi ge le ame aɖe ƒe me eye wòlée heƒoe wòku la, amea meɖi ʋufɔ o.  Ne nya sia dzɔ le ŋkeke me la, ekema amea ɖi ʋufɔ.) “Ele na fiafitɔ la be wòaɖo eteƒe. Ne naneke mele esi o la, ekema woadzrae ɖe nu siwo wòfi la teƒe.  Ne wokpɔ lã si wòfi la le esi agbagbee la, eɖanye nyi, tedzi, alo alẽ o, ele be wòaɖo eteƒe zi gbɔ zi eve.  “Ne ame aɖe kplɔ eƒe lãwo yi gbeɖuƒe le agble me alo waingble me, eye wòɖe asi le wo ŋu wogblẽ nu le ame bubu ƒe agble me la, ele be wòatsɔ eƒe agblemenuku nyuitɔwo alo eƒe waingblemenuku nyuitɔwo aɖo eteƒe.  “Ne dzo dze gbe, eye wòlé aŋɔkawo, eye nuku bablawo alo esiwo le bo dzi fiã, alo agble bliboa fiã la, ele be ame si tɔ dzo gbea la naɖo nu si fiã la teƒe.  “Ne ame aɖe tsɔ ga alo eƒe nanewo na ehavi be wòadzra ɖo na ye, eye wofii le amea ƒe me la, ne wolé fiafitɔa la, ekema wòaɖo eteƒe zi eve.+  Ne womelé fiafitɔa o la, ekema woakplɔ aƒea tɔ ava Mawu vavã la ŋkume,+ ne woakpɔe ɖa be, eya ŋutɔe ɖo asi ehavi ƒe nuawo dzi hã.  Ne nya ku ɖe nyi, tedzi, alẽ, awu, alo nane si bu ŋu, eye ame ɖeka gblɔ le eŋu be, ‘Tɔnyee!’ la, woatsɔ wo ame evea ƒe nya la ava Mawu vavã la ŋkume.+ Eye ame si Mawu abu fɔe la aɖo eteƒe na ehavi zi eve.+ 10  “Ne ame aɖe tsɔ tedzi alo nyi alo alẽ alo aƒemelã bubu aɖe na ehavi be wòakpɔ edzi, eye wòku alo nane wɔe, alo woda adzoe, eye ame bubu aɖeke mekpɔ eteƒe o la, 11  ekema wòaka atam na nɔvia le Yehowa ŋkume be yemeɖo asi ye havi ƒe nu la dzi o; eye nua tɔ nalɔ̃ ɖe edzi nɛ. Amea maɖo eteƒe o.+ 12  Gake ne ɖe wofi lãa le egbɔ la, ekema wòaɖo eteƒe na nua tɔ. 13  Ne lã wɔadã aɖee vuvui la, ekema wòatsɔ eƒe kukua vɛ wòanye kpeɖodzi. Maɖo nu si lã wɔadã aɖe vuvu la teƒe o. 14  “Gake ne ame aɖe ɣe lã le ehavi si, eye nane wɔe alo wòku evɔ ame si tɔ lãa nye la mele eteƒe o la, ekema ame si ɣe lã la naɖo eteƒe. 15  Ne nua tɔ le eteƒe la, ekema maɖo eteƒe o. Ne ɖe wòhayae la, ho si wòhayae lae nye teƒeɖoɖoa. 16  “Azɔ ne ŋutsu aɖe ble ɖetugbui leaƒe, si ame aɖeke medo ŋugbe na o nu hedɔ kplii la, ele be wòana tabianu ɖe eta wòazu srɔ̃a.+ 17  Ne fofoa gbe gbidigbidi be yematsɔe anae wòaɖe o gɔ̃ hã la, ele be ŋutsua naxe fe si asɔ ɖe tabianu la nu. 18  “Mègana nyɔnu dzotɔ aɖeke nanɔ agbe o.+ 19  “Ame sia ame si dɔ lã aɖe gbɔ la, ele be woawui godoo.+ 20  “Ame si sa vɔ na mawu bubu aɖe, eye menye na Yehowa ɖeɖe ko o la, ele be woatsrɔ̃e.+ 21  “Mègasẽ ŋuta le amedzro ŋu alo atee ɖe anyi o,+ elabena miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi.+ 22  “Migawɔ fu ahosi alo tsyɔ̃evi*+ aɖeke o. 23  Ne èwɔ fui, eye wòdo ɣli nam la, mase eƒe ɣlidodo la godoo;+ 24  nye dziku afla, eye mawu mi kple yi, mia srɔ̃wo azu ahosiwo, eye mia viwo azu tsyɔ̃eviwo. 25  “Ne èdo ga na nye dukɔ la me tɔ dahe aɖe si le gbɔwò la, mègawɔ nu abe gasitsala ene o. Mègabia deme tso esi o.+ 26  “Ne èxɔ hawòvi ƒe avɔ abe awɔbanu+ ene la, gbugbɔe yi nɛ le ɣeɖoto. 27  Elabena eya koe nye avɔ si le esi wòatsyɔ; eye nu ka tsyɔ ge wòala amlɔ anyi?+ Ne edo ɣli nam la, masee, elabena amenuvelae menye.+ 28  “Mègado ɖiŋu na Mawu,+ alo aƒo fi ade wò dukɔ la ƒe dumegã* aɖeke o.+ 29  “Mègahe ɖe megbe le wò agblemenuku, siwo do agbogbo, kple nu siwo gbagba ɖe wò nukufiãƒewo*+ la nana me o. Eye nàtsɔ wò ŋgɔgbeviŋutsu nam.+ 30  Ale nàwɔ wò nyi kple wò alẽe nye esi:+ Ŋkeke adre wòanɔ dadaa gbɔ. Le ŋkeke enyia gbe la, nàtsɔe anam.+ 31  “Ame kɔkɔewo mianye nam,+ eye migaɖu gbemelã aɖeke si lã wɔadã aɖe vuvu la o.+ Mitsɔe ƒu gbe na avuwo.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “vi tɔmanɔsitɔ.”
Alo, “dziɖula.”
Efia, woƒe wainfiãƒewo kple amifiãƒewo.