Dɔwɔwɔwo 19:1-41

  • Paulo le Efeso; ame aɖewo gbugbɔ xɔ nyɔnyrɔ (1-7)

  • Paulo ƒe nufiafiadɔwo (8-10)

  • Wokpɔ dzidzedze togbɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo li hã (11-20)

  • Zi tɔ le Efeso (21-41)

19  Emegbe esi Apolo+ le Korinto la, Paulo zɔ mɔ to kɔƒenutowo me va ɖo Efeso.+ Ekpɔ nusrɔ̃la aɖewo le afi ma,  eye wòbia wo be: “Esi miezu xɔsetɔwo la, miexɔ gbɔgbɔ kɔkɔe laa?”+ Woɖo eŋu nɛ be: “Míesee kpɔ gɔ̃ hã be gbɔgbɔ kɔkɔe aɖe li o.”  Eye wògabia be: “Ekema nyɔnyrɔ ka tɔgbie miexɔ?” Wogblɔ be: “Nyɔnyrɔxɔxɔ si ŋu Yohanes fia nu le lae.”+  Paulo gblɔ be: “Yohanes nyrɔ amewo wònye dzimetɔtrɔ ƒe dzesi,+ eye wògblɔ na wo be woaxɔ ame si le ye yome gbɔna la dzi ase,+ eyae nye Yesu.”  Esi wose esia la, wona wonyrɔ wo ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la me.  Esi Paulo da eƒe asiwo ɖe wo dzi la, gbɔgbɔ kɔkɔe la va wo dzi,+ eye wode asi gbe bubuwo dodo me hele nya gblɔm ɖi.+  Wo katã woanɔ ŋutsu wuieve.  Paulo yia ƒuƒoƒe+ la ɖaƒoa nu kple dzideƒo blibo ɣleti etɔ̃ sɔŋ, eƒoa nu hedzroa nu me kpli wo le mɔ wɔdɔɖeamedzi nu tso Mawu Fiaɖuƒe la ŋu.+  Ke esi wo dometɔ aɖewo sẽ dzi me, eye womexɔe se o, eye wole nya manyomanyo gblɔm ɖe Mɔ La+ ŋu le ameha la ŋkume la, edzo le wo gbɔ,+ eye wòɖe nusrɔ̃laawo ɖa le wo dome, eye wòƒoa nu na amewo le Tirano sukua ƒe takpexɔ la me gbe sia gbe. 10  Eyi esia wɔwɔ dzi ƒe eve sɔŋ, ale be ame siwo katã le Asia nutoa me la se Aƒetɔ la ƒe nya la, Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa. 11  Eye Mawu yi edzi nɔ ŋusẽdɔ gãwo wɔm to Paulo dzi,+ 12  ale be amewo tsɔa takuviwo kple akɔtawui siwo wotsɔ ka eŋu la yina na dɔnɔwo,+ eye wohayana, eye gbɔgbɔ vɔ̃wo doa go.+ 13  Ke Yudatɔ aɖewo, siwo nɔ tsatsam tso du me yi du me, nɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me la hã dze agbagba be yewoanya gbɔgbɔ vɔ̃wo le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me, eye wogblɔna be: “Mele gbe ɖem na mi le Yesu si Paulo ɖea gbeƒãe la ƒe ŋkɔ me.”+ 14  Ŋutsu adre siwo nye Yudatɔwo ƒe nunɔlawo ƒe tatɔ Skeva viwoe nɔ nu sia wɔm. 15  Ke gbɔgbɔ vɔ̃ la gblɔ na wo be: “Menya Yesu,+ eye medze si Paulo;+ ke ame kawoe miawo ya mienye?” 16  Ale ame si me gbɔgbɔ vɔ̃a le la dzo dze wo dzi ɖekaɖeka, eɖu wo dzi hede abi wo ŋu, ale be wosi dzo le aƒe ma me amamae. 17  Yudatɔ kple Helatɔ siwo katã le Efeso la se nya sia; eye vɔvɔ̃ ɖo wo katã, eye woyi edzi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la dom ɖe dzi. 18  Ame siwo va zu xɔsetɔwo la dometɔ geɖewo va ʋua woƒe nu vɔ̃wo me hegblɔa wo le dutoƒo. 19  Ɛ̃, afakalawo dometɔ gbogbo aɖewo tsɔ woƒe agbalẽwo katã vɛ, eye wotɔ dzo wo le amewo katã ŋkume.+ Wobu woƒe home, eye wokpɔe be ede klosalo akpe blaatɔ̃. 20  Ale Yehowa* ƒe nya la yi edzi nɔ ta kekem henɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi.+ 21  Le nu siawo megbe la, Paulo ɖoe le dzi me be ne yeyi ɖato Makedonia+ kple Akaya vɔ la, yeazɔ mɔ ayi Yerusalem.+ Egblɔ be: “Ne meɖo afi ma la, mayi aɖakpɔ Roma hã ɖa.”+ 22  Eya ta edɔ eƒe kpeɖeŋutɔ eve, siwo nye Timoteo+ kple Erasto,+ ɖe Makedonia, gake eya ŋutɔ tsi Asia nutoa me ɣeyiɣi vi aɖe. 23  Ɣemaɣi la, zitɔtɔ gã+ aɖe ɖo amewo dome ku ɖe Mɔ La ŋu.+ 24  Elabena klosalonutula aɖe si ŋkɔe nye Demetrio tsɔa klosalo wɔa Artemis ƒe trɔ̃xɔ suewo, ale be eƒe aɖaŋudɔwɔlawo kpɔa viɖe geɖe tso eme.+ 25  Eƒo woawo kple ame siwo wɔa dɔ sia ke la nu ƒu gblɔ na wo be: “Mía tɔwo, mienya nyuie be dɔ siae na nu le edzi dzem na mí. 26  Azɔ miekpɔe, eye miesee hã be, menye Efeso+ ɖeɖe koe Paulo sia trɔ ameha gã aɖe ƒe susu woxɔ edzi se le o, ke Asia nuto blibo la katã kloe mee, eye wòle gbɔgblɔm be menye mawuwoe mawu siwo wowɔ kple asi la nye o.+ 27  Gawu la, menye míaƒe dɔ sia ɖeɖe ko mee agblẽ o, ke boŋ woava do vlo mawunɔ gã Artemis ƒe gbedoxɔ la hã, eye woaklo bubu gã si le eya si wosubɔna le Asia nuto bliboa me kple anyigba katã dzi la le eŋu.” 28  Esi ŋutsuawo se nya sia la, dzi ku wo vevie eye wode asi ɣlidodo me be: “Efesotɔwo ƒe Artemis lae nye gã!” 29  Ale zi tɔ le du bliboa me, eye wo katã woƒu du yi fefewɔƒea, eye wohe Gayo kple Aristarko,+ Makedoniatɔ siwo nye Paulo hati mɔzɔlawo la, yi sesẽe. 30  Paulo ŋutɔ hã di be yeayi ameha la dome, gake nusrɔ̃lawo meɖe mɔ nɛ o. 31  Ame siwo kpɔa azãwo kple hoʋiʋliwo dzi la dometɔ aɖewo siwo wɔa nu ɖe eŋu nyuie la gɔ̃ hã dɔ ame ɖe egbɔ, eye woɖe kuku nɛ be wòagatsɔ eɖokui ade afɔku me ava fefewɔƒea o. 32  Nya lae nye be, ame aɖewo le ɣli dom be ale, eye bubuwo hã be ale; elabena ameha la tɔtɔ, eye wo dometɔ akpa gãtɔ menya susu si ta wova ƒo ƒu ɖo o. 33  Eya ta wokplɔ Aleksandro do goe le ameha la dome, eye Yudatɔwo tu asii do ɖe ŋgɔ, eye Aleksandro wɔ asi na wo hedi be yeaʋli ye ɖokui ta le ameawo ŋkume. 34  Ke esi wokpɔe dze sii be Yudatɔe wònye la, wo katã wodo ɣli anɔ gaƒoƒo eve sɔŋ be: “Efesotɔwo ƒe Artemis lae nye gã!” 35  Esi dudzikpɔla la na ameha la zi ɖoɖoe mlɔeba la, egblɔ be: “Efesotɔwo, ame kae li, si menya be Efesotɔwo ƒe du lae kpɔa Artemis gã la kple legba si ge tso dziƒo la ƒe gbedoxɔ dzi o? 36  Esi ame aɖeke mate ŋu ake ɖi nya siawo o ta la, midze akɔ anyi, eye migatsɔ dzitsitsi awɔ naneke o. 37  Elabena miekplɔ ŋutsu siawo vɛ, ame siwo menye gbedoxɔmedzodalawo alo busunyagblɔlawo ɖe míaƒe mawunɔ la ŋu o. 38  Eya ta ne nya aɖe le Demetrio+ kple aɖaŋudɔwɔla siwo le eŋu la si ɖe ame aɖe ŋu la, nyadrɔ̃gbewo li, eye nuto gã dziɖulawo* hã li; mina woatsɔ nya si le wo si ɖe wo nɔewo ŋu la ayi na wo. 39  Gake ne nu bubu aɖe dimee miele la, ekema ƒuƒoƒo si le se nu lae atso nya me le eŋu. 40  Elabena woate ŋu atsɔ nya ɖe mía ŋu be míehe zitɔtɔ va dua me le nya si dzɔ egbea ta, elabena nya aɖeke meli míate ŋu atsɔ aɖe mía ɖokui nu le zitɔtɔ manyatalenu sia ŋuti o.” 41  Esi wògblɔ nya siawo la, ena ameha la kaka.

Etenuŋɔŋlɔ

Roma nuto gã dziɖulawo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.