Kolosetɔwo 2:1-23

  • Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe, Kristo (1-5)

  • Mikpɔ nyuie ɖe ameblelawo ŋu (6-15)

  • Nua ŋutɔŋutɔ le Kristo la me (16-23)

2  Elabena medi be mianya ale si gbegbe mele ʋiʋlim ɖe miawo kple ame siwo le Laodikea+ kpakple ame siwo katã mekpɔ ŋkunyeme kpɔ o la ta.  Mele esia wɔm be woƒe dzi nadze eme,+ ne woawɔ ɖeka le lɔlɔ̃ me,+ be woƒe asi nasu kesinɔnu geɖe si nye be woakpɔ kakaɖedzi blibo le woƒe nugɔmesese me la dzi, ale be Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la, si nye Kristo ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu wo si.+  Eya mee woɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo nyuie.+  Mele esia gblɔm ale be ame aɖeke nagatsɔ aɖe ŋanɛ aflu mi o.  Togbɔ be nyemele mia gbɔ le ŋutilã me o hã la, meli kpli mi le gbɔgbɔ me, eye dzi le dzɔyem be miewɔa nu ɖe ɖoɖo nyui nu,+ eye miaƒe xɔse li ke le Kristo me.+  Eya ta ale si ko miexɔ Aƒetɔ Kristo Yesu la, miyi edzi miazɔ kplii le ɖekawɔwɔ me,  eye mianye ame siwo ƒo ke ɖe to, siwo wotu ɖe eya amea dzi,+ eye woli ke wo ɖe xɔse la me,+ abe ale si wofia mi ene, eye miaƒe akpedada nagba go.+  Mikpɔ nyuie be ame aɖeke nagato xexemenunya kple beble dzodzro+ si wotu ɖe amewo ƒe kɔnyinyiwo dzi aɖe aboyo mi le xexea ƒe gɔmedzenuwo nu, ke menye le Kristo nu o;  elabena eya mee Mawu ƒe nɔnɔme blibo la dze le, le ŋutilã me.+ 10  Ale blibonyenye su mia si to eya si nye dziɖuɖu kple ŋusẽ katã ƒe ta la dzi.+ 11  Le miaƒe hadede kplii me la, wotso aʋa na miawo hã, menye kple asi o, ke boŋ to nu vɔ̃ ŋutilã la ɖeɖe ɖa me,+ aʋatsotso si nye Kristo tɔ lae wotso na mi.+ 12  Elabena woɖi mi kpakplii esi wonyrɔ mi abe eya ke ene,+ eye to miaƒe hadede kplii me la, wofɔ mi ɖe tsitre+ kpakplii to Mawu, ame si fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, ƒe ŋusẽdɔ si dzi miexɔ se la dzi.+ 13  Gawu la, togbɔ be mienye ame kukuwo tsã le miaƒe vodadawo kple aʋamatsomatso ƒe nɔnɔme, si me mienɔ le ŋutilã me la me hã la, Mawu gbɔ agbe mi kpakplii.+ Elɔ̃ faa tsɔ míaƒe vodadawo katã ke mí,+ 14  eye wòtutu sedede siwo wotsɔ asi ŋlɔ,+ sedede+ siwo tsia tsitre ɖe mía ŋu la ɖa.+ Eɖee ɖa le mɔa dzi esi wòklãe ɖe fuwɔameti* la ŋuti.+ 15  Eklo nu le dziɖuɖuwo kple ŋusẽwo ŋu, eye wòɖe wo fia le dutoƒo be woɖu wo dzi,+ eye wòkplɔ wo le aʋadziɖuɖu ƒe gbɔlɔlɔ gã aɖe me to fuwɔameti la dzi. 16  Eya ta migana ame aɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu mi le nuɖuɖu kple nunono+ alo azãɖuɖu alo ɣletidzedzi+ alo sabat+ ŋuti o. 17  Nu mawo nye nu siwo ava va la ƒe vɔvɔli,+ ke nua ŋutɔŋutɔ le Kristo la me.+ 18  Migana ame aɖeke si alakpaɖokuibɔbɔ kple mawudɔlawo subɔsubɔ dzɔa dzi na la nawɔe be fetu+ la nato mia ŋu o. Ame sia ƒomevi “tea tɔ ɖe”* nu siwo wòkpɔ la dzi eye eƒe ŋutilãmetamesusu nana wòdoa eɖokui ɖe dzi glodzoo madzemadzee, 19  eye mekuna ɖe ta la ŋu sesĩe o,+ evɔ ta sia gbɔe ŋutilã blibo la kpɔa eƒe nunyiame tsonɛ, eye wòto ƒunukpeƒewo kple lãmekawo dzi lée ƒo ƒu ɖekae henana wòtsina, abe ale si Mawu di be wòatsii ene.+ 20  Ne miegbe nu le xexea ƒe gɔmedzenuwo gbɔ heku kple Kristo la,+ ekema nu ka tae miele agbe nɔm abe ɖe mieganye xexea ƒe akpa aɖe ene hele mia ɖokui bɔbɔm ɖe se siawo te be:+ 21  “Mègatsɔe o, eye mègaɖɔe kpɔ alo aka asi eŋu o,” 22  si nye nu siwo katã dome gblẽna to wo zazã me, eye wonye amegbetɔwo ƒe sededewo kple nufiafiawo?+ 23  Togbɔ be nu mawo nye subɔsubɔ si ƒomevi ame ɖo na eɖokui kple alakpaɖokuibɔbɔ kpakple fuwɔwɔ ŋutilã+ la eye wodzena le gota abe nu siwo me nunya le ene hã la, womekpena ɖe ame ŋu wòɖua ŋutilã ƒe nudzodzrowo dzi o.

Etenuŋɔŋlɔ

Trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnuwo mee woyɔ nya sia tso.