Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nuɖuɖu Ðekae Ate Ŋu Ado Ŋusẽ Miaƒe Ƒomea?

Ðe Nuɖuɖu Ðekae Ate Ŋu Ado Ŋusẽ Miaƒe Ƒomea?

Ðe Nuɖuɖu Ðekae Ate Ŋu Ado Ŋusẽ Miaƒe Ƒomea?

“Menye dzidzɔ, amelɔlɔ̃, kple dziɖeɖi ɖeɖe koe yɔ agbe sia me o, ke boŋ nuxaxa kple avifafa hãe. Gake míeɖale dzidzɔ kpɔm alo ɖalé blanui o, ele be míaɖu nu ya godoo. Nuɖuɖu vivi ate ŋu ado dzidzɔ na ame si le dzidzɔ kpɔm kple ame si lé blanui siaa.” —Laurie Colwin, Amerikatɔ nuŋlɔla.

ƑE GEÐEE nye esi va yi la, Asiatɔwo wɔa nane edziedzi, si le vevie ŋutɔ na wo. Eyae nye be ƒomea katã nɔa kplɔ̃ ŋu ɖua nu zi ɖeka ya teti le ŋkekea me. Womeɖea mɔ naneke gblẽa ɣeyiɣi ma me na wo o. Ame aɖeke menɔa television kpɔm, alo nɔa ha sem, alo nɔa nu ŋlɔm na exɔlɔ̃wo to asitelefon dzi o. Ŋutifafa si nɔa anyi le nuɖuɣi mawo la naa mɔnukpɔkpɔ kplɔ̃a ŋu nɔlawo be woase nya siwo me nunya le, woado ŋusẽ woƒe ƒomedodoa, aɖo dze tso nu siwo yi edzi le ŋkekea me ŋu ahako nu ɖekae, esime wole nu nyuiwo ɖum ɖekae.

Gake ame geɖe abu ƒomea ƒe nuɖuɖu ɖekae egbea be ezu tsigãdzinu. Le aƒe geɖe me la, ƒãa hafi ƒomea me tɔwo katã ɖua nu ɖekae. Nu ka tae wòsesẽna na ƒomewo nenema gbegbe be woaɖu nu ɖekae? Ðe ƒomea ƒe nuɖuɖu ɖekae ate ŋu aɖe vi egbea? Vi kawoe wòate ŋu aɖe na ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe?

Ƒomea Geɖe Megaɖua Nu Ðekae O

Robert Putnam gblɔ le eƒe agbalẽ aɖe (Bowling Alone) me be: “Ale si ƒome siwo megaɖua nu ɖekae o la ƒe agbɔsɔsɔ le dzidzim ɖe edzi wòdze gaglãa le ƒe ʋɛ siwo va yi me . . . la nye kpeɖodzi ɖedzesi be ƒometɔwo dome kadodowo me le gbɔdzɔgbɔdzɔm kabakaba.” Nu kawo gbɔe wòtso? Gbãtɔe nye be ganyawo ƒe sesẽ wɔe be srɔ̃ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo siaa va le dɔ wɔm ɣeyiɣi geɖe wu tsã. Dzilaɖekɛwo, siwo dzi ganyawo medena tututu o la, tɔ gavɔ̃ɖi wu. Evelia, xexe si me míele egbea, si me hloloetsotso bɔ ɖo la, wɔe be ame geɖe va lɔ̃a mɔtonuɖuɖu, eye wotsia dzi be yewoaɖu nua kabakaba adi nu bubu awɔ. Abe ale si wòle le ame tsitsiwo gome ene la, nu geɖe nɔa ɖeviwo hã si wòhiãna be woawɔ abe kamedefefe kple dɔ bubu siwo wòhiã be woawɔ le kpakpã le suku megbe ene.

Gawu la, vifofo aɖewo ɖonɛ koŋ gbɔna vaa aƒe me ne ɖeviwo mlɔ anyi vɔ, elabena womedi be naneke naɖe fu na yewo le fiẽnuɖuɣi o. Dzila bubu siwo gbɔna vaa aƒe me ɖe game dzi la tianɛ be yewoana nuɖuɖu ɖeviawo gbã ahana woaɖo xɔ bene yewo ɖeɖe yewoaɖe dzi ɖi aɖu nua ɖekae.

Nɔnɔme siawo wɔe be ƒomewo megava ɖua nu ɖekae o. Esi teƒe be woanɔ kplɔ̃ ŋu aɖo dze la, ɖeko woŋlɔa nya aɖewo ɖe pepa dzi klãna ɖe nufamɔ dzi. Ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe gbɔna vaa aƒe me, ɖoa nuɖuɖu si woɖa xoxo la dzoe, nɔa anyi ɖe kɔmpiuta gbɔ, alo nɔa television loo alo videogém ƒom nɔa nua ɖum. Ate ŋu adze abe womate ŋu awɔ naneke tso kuxi sia ŋu o ene. Ekema ɖe wòaɖe vi be nàbu ale si nàwɔ ana mia kple wò ƒomea me tɔwo mianɔ nu ɖum ɖekae ŋua?

Viɖe Siwo Le Nuɖuɖu Ðekae Me

Ne ƒomea me tɔwo ɖua nu ɖekae la, ana mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ dzilawo be woatu wo viwo ɖo le seselelãme gome. Aƒenɔ Miriam Weinstein gblɔ le eƒe agbalẽ si nye, The Surprising Power of Family Meals (Ŋusẽ Wɔnuku Si Nuɖuɖu Ðekae Kpɔna Ðe Ƒomea Dzi) me be edze kɔtɛ be, nuɖuɖu le kplɔ̃ ŋu ɖekae le fiẽ “nana ɖeviwo tea ŋu nɔa anyi ɖekae kple wo dzilawo edziedzi, eye wovona le wo ɖokuiwo me. Enye nyateƒe be ƒomea ƒe nuɖuɖu ɖekae mekpɔa kuxiwo katã gbɔ o ya, gake enye mɔnu si dzi nàto akpɔ wo gbɔ, si mebia agbagbadzedze boo aɖeke o.”

Eduardo, si nye vifofo si xɔ ƒe 40 kple edzivɔ, eye wòle Spain la, lɔ̃ ɖe nya sia dzi. Egblɔ be: “Esi menɔ dzinyelawo gbɔ la, mí ame 11 ye nɔa kplɔ̃ ŋu ɖua nu gbe sia gbe. Papa dzea agbagba vevie gbɔna vaa aƒe me ŋdɔ sia ŋdɔ va ɖua nu kpli mí ɖekae. Esiawo nyea ɣeyiɣi tɔxɛ na mí. Míenyaa nu sia nu si le edzi yim le ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe me. Nukokoe yia edzi le nuɖuɣi mawo zi geɖe. Ne meɖo ŋku nu dodzidzɔname mawo dzi la, mekpɔnɛ be ele be masrɔ̃ fofonye ƒe kpɔɖeŋu nyui ma.”

Ƒomea ƒe nuɖuɖu ɖekae kpena ɖe ɖeviwo hã ŋu wodana sɔna wu le agbe me, eye wonɔa lãmesẽ me. Amerika dukɔa ƒe dɔwɔha si kpɔa numamewo kple atike vɔ̃ɖi zazã ƒe nyawo gbɔ, le yunivɛsiti si le Columbia la, va kpɔe dze sii be dzimaɖitsitsi, kuviaɖoame, kple ɖekematsɔleme meɖea fu na ɖevi siwo ɖua nu ɖekae kple woƒe ƒomea me tɔwo zi atɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa la boo o, eye wowɔa dɔ nyuie le suku hã.

Eduardo gblɔ be: “Mexɔe se be ƒomea ƒe nuɖuɖu ɖekae nana ɖeviwo dana sɔna le seselelãme gome. Vinyenyɔnuwo metsia dzi be ɣekaɣie yewoakpɔ mí aɖe yewoƒe kuxiwo na mí hã o. Ƒomea ƒe nuɖuɖu ɖekae naa mɔnukpɔkpɔ manyagblɔ mí gbe sia gbe be míawɔ esia. Eye gawu la, abe vifofo ene la, nuɖuɖu kple ƒomea ɖekae kpena ɖe ŋunye menyaa kuxi siwo le fu ɖem na vinyenyɔnuawo.”

Edze ƒãa be ne ƒomea me tɔwo ɖua nu ɖekae la, ate ŋu akpe ɖe wo ŋu gɔ̃ hã be woaƒo asa na numame gbegblẽ siwo atsi wo si le nuɖuɣi. Yunivɛsiti si le Navarre le Spain ka nya ta be ame ɖeka ƒe nuɖuɖu ate ŋu awɔe be amea mava nɔ nu ɖum ɖe ɖoɖo nu o. Enye nyateƒe be kuxi mawo ate ŋu aɖe fu na ame siwo ɖua nu ɖekae kple woƒe ƒometɔwo hã ya, gake kuxi siawo tea ŋu ɖea fu na ame siwo meɖua nu edziedzi kple woƒe ƒomea o la bɔbɔe wu. Esmeralda si nye vidada si si nyɔnuvi eve le la gblɔ be: “Ne ƒomea ɖua nu ɖekae edziedzi la, ɖeviwo sena le wo ɖokui me be wotsɔ ɖe le eme na yewo. Ƒomea ƒe nuɖuɖu ɖekae nana wosena le wo ɖokuiwo me be yewole dedie le ƒomea me, afi si wodoa vivi ɖe ame ŋu helɔ̃a ame le.”

Ƒomea ƒe nuɖuɖu ɖekae naa mɔnukpɔkpɔ dzilawo wokpena ɖe wo viwo ŋu be Mawu ƒe nya la nage ɖe woƒe dzi me. Ƒe 3,500 aɖewoe nye esi va yi la, Mawu de dzi ƒo na dzilawo le Israel be woakpɔ vovo ɖe wo viwo ŋu, ale be woaƒã Mawu ƒe dzidzenuwo ɖe woƒe dzi me. (5 Mose 6:6, 7) Ángel si nye vifofo si si vi eve le la gblɔ be: “Gbedodoɖa kple mawunyakpukpui aɖe me dzodzro ɖekae wɔnɛ be ƒomea ƒe nuɖuɖu ɖekae va zua Mawu ƒe Nya la me dzroɣi.” Nu kawoe ƒome aɖewo wɔ tsɔ kpɔ egbɔ be yewoɖua nu ɖekae edziedzi le vi siwo esia wɔwɔ ɖena na ƒomewo ta?

Na Wòadze Edzi

Esmeralda gblɔ be: “Ðoɖowɔwɔ kple agbagbadzedze le vevie. Ele be woawɔ ɖoɖoa ale gbegbe be ame si anye mamlɛtɔ agbɔ hã nakpɔ gome le eme.” Maribel si nye vidada si si vi eve le la gblɔ be: “Míeɖua fiẽnu ɖekae gbe sia gbe, eɖanye aleke kee nɔnɔmeawo le o.” Ƒome aɖewo wɔ vovoɣi siwo sua wo si le kwasiɖanuwuwuwo ŋu dɔ tsɔna trɔa asi le detsiƒonuwo ŋu alo ɖaa nu siwo katã woanɔ ɖuɖum le fiẽ le kwasiɖaa me la gɔ̃ hã dana ɖi.

Ne wobua ƒomea ƒe nuɖuɖu ɖekae nu vevii la, ewɔnɛ hã be womedanɛ ƒuna o. Eduardo gblɔ be: “Ehiãna be matrɔ asi le nye dɔ me ɖoɖowo ŋu ale be mate ŋu agbɔ va aƒe me aɖu fiẽnu kple ƒomea ɖekae, gake eɖe vi geɖe. Fifia meva nyaa nu geɖe siwo yia edzi le ƒomea me la nyuie wu. Esi wònye be metsɔa gaƒoƒo geɖe biãa ŋku ɖe dɔ ŋu gbe sia gbe le dɔ me ta la, ne nyemewɔ nenema ke le aƒe me le ƒomea ƒe nuɖuɣiwo o la, efia be nyemebua wo ŋu o.”

Ke susuhenuwo ya ɖe? David si xɔ ƒe 16 la gblɔ be: “Television mele afi si míaƒe ƒomea ɖua nu le o. Míewɔa ɣeyiɣia ŋu dɔ tsɔ ɖoa dze tso nu siwo me míeto le ŋkekea me la ŋu na Dada kple Papa, eye zi geɖe la, woɖoa aɖaŋu nyuiwo na mí.” David gblɔ kpee be: “Egbea la, sɔhɛwo megaɖoa dze kple wo dzilawo tututu o. Ne ƒomea me tɔwo katã le aƒe me gɔ̃ hã la, wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔa television kpɔm henɔa eƒe nu ɖum. Womenya nu si gbegbe le wo ŋu tom o.” Sandra si xɔ ƒe 17 la lɔ̃ ɖe eƒe nya sia dzi be: “Ewɔa nublanui nam ne mese nye sukuxɔmehatiwo gblɔ be: ‘Nyemenya nu si danye agblẽ ɖe nufamɔ me nam ɖaa o.’ Le gonyeme la, menye nuɖuɖu ko tae nuɖuɖu ɖekae kple míaƒe ƒomea me tɔwo nɔa vevie nam o. Enaa ɣeyiɣi mí míekoa nu, ɖoa dze heɖea lɔlɔ̃ fiaa mía nɔewo.”

Agbalẽ aɖe (The Surprising Power of Family Meals) gblɔ be: “[Ƒomea ƒe nuɖuɖu ɖekae] ate ŋu akpe ɖe ƒomea me tɔwo ŋu woanɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu siwo wodoa goe gbe sia gbe la nu.” Ðe miaƒe ƒomea ate ŋu aɖu nu ɖekae, ale be ƒomea me tɔwo nate ɖe wo nɔewo ŋu kplikplikpli wua? Ne vovo menɔa ŋuwò o la, ekema nuɖuɖu ɖekae kple ƒomea ana mɔnukpɔkpɔ wò be naɖe dzi ɖi aɖo dze kple wò ame veviwo. Ne èdze agbagba wɔ esia la, aɖe vi na wò godoo.—g10-E 01.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

NE MIAƑE ƑOMEA ÐUA NU ÐEKAE LA, MIATE ŊU ASRƆ̃ . . .

Dzeɖoɖo. Ðeviwo ate ŋu asrɔ̃ ale si woaƒo nu ahaɖo to bubutɔe. Dzeɖoɖo le ƒomea ƒe nuɖuɣi ana woasrɔ̃ nya yeye geɖewo, eye esia akpe ɖe wo ŋu woanya ale si woaɖe woƒe susuwo agblɔ.

Nuwɔwɔ ɖekae. Ðeviwo ate ŋu akpe asi ɖe ƒomea me dɔwo ŋu ne woɖoa kplɔ̃, fɔa agba, eye wotutua kplɔ̃a dzi le nuɖuɖu vɔ megbe alo kaa nuɖuɖua na ƒomea me tɔ bubuwo. Eye ne wova tsi vie la, woate ŋu ade nuɖaɖa hã asi na wo.

Nu nyuiwo ɖuɖu kple nuɖuɖu ɖe game dzi.

Nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia. Miasrɔ̃ ale si mianyo dɔ me na mia nɔewo ne miemaa nuɖuɖu kple ƒomea me tɔ bubuwo, eye miedina ɣesiaɣi be woatsɔ nuɖuɖua ƒe akpa nyuitɔwo ana yewo o. Eye miasrɔ̃ ale si miatsɔ ɖe le ƒomea me tɔ bubuwo ƒe nu hiahiãwo hã me ne miele nu ɖum.