Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

United States

Dɔwɔƒe aɖe si kpɔa dedienɔnɔnyawo gbɔ le United States ka nya ta be le ƒe ewo siwo va yi me la, dedienɔnɔgbɔkpɔla siwo le yameʋudzeƒewo xɔ degbanu miliɔn 50 sɔŋ le mɔzɔlawo si. Le ƒe 2011 ɖeɖe ko me la, dedienɔnɔgbɔkpɔlawo xɔ tu 1,200 le ame siwo va be yewoaɖo yameʋu la si. Ame siwo si woxɔ tuawo le la dometɔ geɖe gblɔ be ɖe yewoɖe ŋu ɖi tsɔ tua ɖe asi.

Brazil

Sukutatɔwo va le elektrɔnik-mɔ̃ aɖe dem sukuviwo ƒe sukuwuwo ŋu bene yewoatsɔ atsi sukuviwo ƒe kpɔdometsitsi nu. Ne ɖevia va ɖo sukua la, elektrɔnik-mɔ̃a ɖoa nyatakaka ɖe edzila be eva ɖo, eye ne ɖevia tsi megbe miniti 20 kple edzivɔwo hafi va ɖo sukua la, mɔ̃a gaɖoa nyatakaka bubu ɖe edzila.

Norway

Luther Sɔlemeha la meganye Norway dukɔa ƒe subɔsubɔha o. Esiae nye zi gbãtɔ si Norway Sewɔƒemenɔlawo da akɔ hetrɔ asi le woƒe dukplɔsea ŋu eye wona ɖekawɔwɔ kplikplikpli si le Sɔlemeha kple Dukɔa dome la dzi ɖe kpɔtɔ.

Czech Republic

Esi wobia gbe Czech Republic dɔwɔlawo la, wo dometɔ eve le etɔ̃ me gblɔ be yewosena le wo ɖokui me be enye dzizizi na yewo be yewoaɖo kaƒoƒowo, Internet alo asitelefon dzi nyatakaka siwo ku ɖe yewoƒe dɔwɔnyawo ŋu la ŋu ne yewomele dɔ me o. Dɔwɔla siwo wu ɖeka le etɔ̃ me bunɛ be enye amemabumabu ne yewomeɖo nya ŋu na ameawo enumake o.

India

Togbɔ be nuɖuɖu siwo wokpɔna le India dukɔa me dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve kloe le ƒe 20 siwo va yi me, eye woli kɔ mɔlu kple lu tɔn miliɔn 71 ɖi hã la, dukɔmeviwo ƒe nuɖunyawo gbɔ kpɔkpɔ zu avu kple kɔ. Nuɖuɖu siwo woli kɔ ɖi la ƒe agbɔsɔsɔ si ade 40 le alafa me koe Indiatɔwo tea ŋu kpɔna ɖuna. Nu siwo gbɔ kuxi sia tso la ƒe ɖewoe nye nu fitifiti wɔwɔ kple nuɖuɖuwo dome gbegblẽ.