“Nyemeɖe Mɔ Nye Dɔlélea Kpe Dzinye O”
“Ehiãna be woakpe ɖe ŋunye hafi mamlɔ anyi alo afɔ le aba dzi. Azɔlizɔzɔ zu dɔ nam. Nye ve me xe ale gbegbe be nyemetea ŋu noa nye vevesesenutsitikewo o. Medze abi siwo gbe kuku, eye wo dometɔ aɖewo va zu abi vɔ̃wo. Dɔmebi kple dziʋudzo sesẽ aɖe ɖe kpe nam. Nyemenɔ nu si nɔ dzɔdzɔm ɖe dzinye la gɔme sem o. Ƒe ewo koe mexɔ ɣemaɣi.”—Elisa.
ŊUTIGBALẼDƆ si nana ame ƒe ŋutilã liana goŋgoŋ ye le eŋu. Ame miliɔn eve kple afã léa dɔ sia le xexea me godoo. Zi geɖe la, dɔ sia ƒomevi siwo léa ɖeviwo la nye esi wɔa ŋutilã ƒe akpa aɖe ko, eye esia nana ŋutilã liana.
Ke hã wokpɔ dɔ sia ƒomevi si xɔa ŋutilã bliboa katã le Elisa ŋu esi wòxɔ ƒe ewo pɛ ko, eye dɔa ge ɖe eƒe lãmenuwo abe ayiku, dzi, dzitodzito kple dɔgbo gɔ̃ hã me. Ðɔktawo gblɔ be dɔdamɔnu si woazã la ana Elisa nate ŋu anɔ agbe ƒe atɔ̃ pɛ. Gake ƒe 14 sɔŋue nye esi va yi Elisa gakpɔtɔ le agbe. Togbɔ be dɔa gakpɔtɔ le eŋu hã la, meɖe mɔ mɔkpɔkpɔ bu ɖee le agbe me o. Nyɔ! talawo bia gbe Elisa ku ɖe eƒe dɔlélea kple ale si wòte ŋu le te nɔm ɖe nɔnɔmea nui la ŋu.
Ɣekaɣie nèva de dzesii be yele dɔ lém?
Esi mexɔ ƒe asieke la, nane si abɔklugui nam, eye mese veve vevie. Ðeko abia nɔ kekem ɖe edzi hegbe kuku. Esi wodo nye ʋu kpɔ la, wokpɔe be ŋutigbalẽdɔ vɔ̃ɖi sia le ŋunye. Esi wònye be nye dɔlélea nɔ nyanyram ɖe edzi kabakaba ta la, ehiã be míadi dɔ sia dala bibi aɖe be wòakpɔ gbɔnye.
Aleke nuwo va yie?
Míeva ke ɖe ɖɔkta aɖe si daa dɔ sia ŋu. Egblɔ na dzinyelawo be ne wowɔ kansatike nam la, alé nye dɔlélea nu eye wòana manɔ agbe ƒe atɔ̃ ya teti, eye wosusui hã be ɖewohĩ dɔlélea ava ɖo aɖa le eɖokui si. Gake dɔdamɔnu sia ana nye dɔlélenutsiŋutete nagbɔdzɔ. Eye wòawɔe be kpeƒoame gɔ̃ hã ate ŋu awum bɔbɔe.
Edze ƒãa be nu si wonɔ vɔvɔ̃m na medzɔ o, alo?
Ɛ̃—dzidzɔtɔe la, mekpɔtɔ le agbe! Gake esi mexɔ ƒe 12 la, akɔta veam vevie henɔa anyi abe miniti 30 ene, eye ɣeaɖewoɣi la, esia hona nam zi eve le ŋkeke ɖeka me. Enu sẽna ale gbegbe be ɣli dzi ko menɔna.
Nu ka gbɔe wòtso?
Ðɔktawo de dzesii be ʋumenugbagbevidzĩ me nu siwo woyɔna be hemoglobin mesɔ gbɔ le ʋu me nam o, eye esia nana be nye dzi wɔa dɔ wu ale si dze ne egbɔ ʋua le ɖoɖom ɖe ahɔhɔ̃a. Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, dɔdamɔnu sia na mekpɔ gbɔdzɔe vie ya. Gake ɣemaɣi la, meɖo ŋkui be megblɔna na ɖokuinye be nu sia nu ate ŋu adzɔ ɖe dzinye le ŋkeke si kplɔe ɖo me. Dzi ɖe le ƒonye wu tsã abe ɖe naneke meli mate ŋu awɔ tso nye nɔnɔmea ŋu o ene.
Ƒe wuiene sɔŋue nye esia wokpɔ dɔ sia le ŋuwò, ke aleke nuwo le na wò fifia?
Megakpɔtɔ sea veve helĩhelĩ, eye dɔléle siwo ŋutigbalẽdɔ sia hena vɛ la hã kpɔtɔ ɖea fu nam. Wo dometɔ aɖewoe nye dɔmebi, dzitodzitodɔ kple dziʋudzodɔ. Ke hã, nyemetsɔa susu ɖoa nye dɔlélea ŋu kaka ahayi nye ɣeyiɣi gblẽ ge ɖe eŋu wòana malé blanui o. Nu bubuwo le ŋunye mawɔ.
Abe nu kawo ene?
Nutata, avɔlɔlɔ̃ kple atsyɔ̃ɖonuwo wɔwɔ dzɔa dzi nam. Gake esi wònye Yehowa Ðasefoe menye ta la, Biblia fiafia amewoe nye dɔ vevitɔ si mewɔna. Le ɣeyiɣi siwo me nyemate ŋu azɔ ayi amewo gbɔ le woƒe aƒe me o gɔ̃ hã la, mekpena ɖe Ðasefo bubuwo ŋu míesrɔ̃a Biblia kple amewo le míaƒe nutoa me. Biblia-nusrɔ̃viwo le nye ŋutɔ hã asinye. Gbeƒãɖeɖedɔa na viɖe le nye agbe ŋu.
Nu ka tae nègawɔa dɔ sia esi wònye be mele ɖeɖem na wò ŋutɔ hã o?
Menyae be nya siwo megblɔna na amewo la le vevie eye viɖe le wo ŋu. Gawu la, ne mele kpekpem ɖe amewo ŋu alea la, mekpɔa dzidzɔ geɖe wu. Ewɔna nam be nye lãmea ka ɖe eme! Le ɣeyiɣi kpui siwo metsɔ ɖea gbeƒã na amewo me la, meŋlɔa nye dɔlélea be.
Aleke Biblia kpe ɖe ŋuwò ale be mɔkpɔkpɔ mebu ɖe wò o?
Eɖoa ŋku edzi nam be nye fukpekpewo kple ame bubuwo tɔ siaa maganɔ anyi eteƒe nadidi o. Nyaɖeɖefia 21:4 gblɔ be le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, atutu “aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o.” Mawunyakpukpui siawo tɔgbi nana megakana ɖe etsɔme nyui si ƒe ŋugbe Mawu do be yeahe vɛ na amewo katã, ke menye na ame siwo le dɔ mavɔleameŋu lém la ɖeɖe ko o la dzi geɖe wu.