GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA April 2017

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso May 29 va se ɖe July 2, 2017 la le tata sia me.

“Adzɔgbe Si Nèɖe La, Wɔ Edzi”

Nu kae nye adzɔgbeɖeɖe alo atamkaka? Nya kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso adzɔgbeɖeɖe na Mawu ŋu?

Ne Mawu Fiaɖuƒea Va La, Nu Kawo Nue Ayi?

Biblia gblɔ be ‘xexea nu va yina.’ Gake nu kae ‘xexe’ si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la fia?

AGBEMEŊUTINYA

Meɖoe Kplikpaa Be Manye Kristo Ƒe Asrafo

Wolé Demetrius Psarras de gaxɔ me le esi wògbe be yemayi aʋa o ta. Ke hã, eyi edzi kafu Mawu, togbɔ be eto dodokpɔ sesẽ geɖewo me gɔ̃ hã.

“Anyigba Blibo La Ƒe Ʋɔnudrɔ̃la” Wɔa Nu Dzɔdzɔe Ɣeawokatãɣi

Nu ka tae wòsɔ be míagblɔ be Mawu mate ŋu awɔ nu madzɔmadzɔ gbeɖe o? Eye nu ka tae nyateƒenya sia le vevie na Kristotɔwo egbea?

Ðe Yehowa Ƒe Susu Le Dzɔdzɔenyenye Ŋu Le Asiwòa?

Ðokuibɔbɔ kple tsɔtsɔke siaa le vevie hafi Mawu ƒe susu le dzɔdzɔenyenye ŋu nasu mía si. Nu ka tae?

Wò Ðokuitsɔtsɔna Ƒe Gbɔgbɔa Nehe Kafukafu Vɛ Na Yehowa!

Mawu Ŋusẽkatãtɔ la dea asixɔxɔ agbagba siwo esubɔlawo dzena hekpea asi ɖe eŋu be eƒe tameɖoɖoa nava eme la ŋu, ne woƒe agbagbadzedzeawo le sue gɔ̃ hã.