Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èbua Eŋu Nyuie Hafi Dzea Egɔmea?

Èbua Eŋu Nyuie Hafi Dzea Egɔmea?

Èbua Eŋu Nyuie Hafi Dzea Egɔmea?

Y ESU KRISTO do agbe tegbee nɔnɔ ƒe ŋugbe na eƒe nusrɔ̃lawo, gake exlɔ̃ nu wo hã be woabu nusi Kristotɔnyenye bia hã ŋu nyuie. Eɖe nya sia me esi wòbia le kpɔɖeŋunya sia me be: “Ameka le mia dome, ne ele didim be, yeatu mɔ̃ la, mabɔbɔ nɔ anyi gbã, eye wòabu eŋu kɔnta [alo, abu eŋu nyuie hafi adze egɔme], ne nu le esi, be wòawu enu la o mahã?” (Luka 14:28) Nuka ŋu kɔntae Yesu be míabu?

Kristotɔwo katã dzea ŋgɔ kuxiwo—wo dometɔ aɖewo nyea ŋkubiãnya. (Psalmo 34:20; Mateo 10:36) Eyata ehiã be míadzra ɖo le susu me kple gbɔgbɔ me ale be magawɔ mo yaa na mí nenye be míedo go tsitretsiɖeŋu alo kuxi bubuwo o. Ele be míabu kuxi mawo ŋu xoxo ade Kristo ƒe nusrɔ̃la nyenye ƒe akɔnta me, elabena míenyae be teƒeɖoɖoa—si nye ɖeɖe tso nuvɔ̃ kple ku si mexɔ asi sã wu nusianu si fifi nuɖoanyi sia ate ŋu ana mí. Ẽ, naneke meli si ŋu Mawu aɖe mɔ ɖoku kura gɔ̃ hãsi ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu gbidii ne míeyi edzi le esubɔm o.Korintotɔwo II, 4:16-18; Filipitɔwo 3:8.

Aleke míawɔ xɔse sẽŋu ma naɖo mía si? Míaƒe xɔse sẽna ɖe edzi ɣesiaɣi si míewɔ nyametsotso nyui aɖe, ne míelé Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo me ɖe asi sesĩe, alo wɔ nusi wɔ ɖeka kple Mawu ƒe sewovevietɔ ne míele nyaƒoɖeamenu te be míawɔ nusi to vovo na ema. Ne Yehowa ƒe yayrawo su mía si ɖe míaƒe nuteƒewɔwɔ ta la, míaƒe xɔse sẽa ŋu eye wòdea to ɖe edzi. Le mɔ ma nu la, míesrɔ̃a Yesu, eƒe nusrɔ̃lawo, kple ŋutsu kple nyɔnu xɔsetɔ siwo katã ‘bu’ nusi Mawu subɔsubɔ bia ‘ƒe akɔnta’ ŋu nyuie la ƒe kpɔɖeŋu.Marko 1:16-20; Hebritɔwo 11:4, 7, 17, 24, 25, 32-38.