Subɔ Yehowa, Fia Mavɔmavɔtɔ La
“Fia mavɔmavɔtɔ . . . [la] tɔ nanye bubu kple kafukafu tso mavɔ me yi mavɔ me.”
1, 2. (a) Ame kae nye “Fia mavɔmavɔtɔ” la? Nu ka ta wòsɔ be woyɔe nenema? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia tame.) (b) Nu ka tae míedi be Yehowa nanye míaƒe dziɖula?
FIA SOBHUZA II ɖu Swaziland dzi ƒe 61 kloe. Togbɔ be eɖe dzesi be amegbetɔ ɖu fia ɣeyiɣi didi alea hã la, fia bubu aɖe li si ƒe agbenɔƒewo mele kpuie be wòaku agblẽ zia ɖi abe amegbetɔwo ene o. Le nyateƒe me la, Biblia yɔe be “Fia mavɔmavɔtɔ” la. (1 Tim. 1:17) Hakpalaa yɔ Dziɖulagã ma ŋkɔ na mí esi wògblɔ be: “Yehowa enye fia tegbetegbe.”
2 Esi nuwuwu meli na Mawu ƒe dziɖuɖu o ta la, eƒe dziɖuɖu to vovo tso amegbetɔwo tɔ gbɔ. Ke hã ale si Yehowa ɖua dzii ye hea mí ɖe eŋu. Fia aɖe si ɖu blema Israel dzi ƒe 40 sɔŋ la kafu Mawu be: “Nublanuikpɔla kple amenuvela enye Yehowa, egbɔa dzi ɖi blewu, eye amenuveve bɔ ɖe esi. Yehowa li eƒe fiazikpui ɖe dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe ɖua nuwo katã dzi.” (Ps. 103:8, 19) Menye míaƒe Fia koe Yehowa nye o, ke enye mía Fofo hã
FIA MAVƆMAVƆTƆ LA ÐO EƑE ƑOME GÃ LA ANYI
3. Ame kae nye Yehowa ƒe ƒome gã la me tɔ gbãtɔ? Eye ame kawo hãe Mawu wɔ heyɔ wo be ye “viwo”?
3 Dzidzɔ ka gbegbee nye esi Yehowa anya kpɔ esi wòwɔ eƒe Tenuvi la! Mawu mebu eƒe ŋgɔgbevi la abe etevi tsɛ aɖe ko ene o. Ke boŋ elɔ̃e abe Vi ene, eye wòna wòwɔ ɖeka kplii le nuwɔwɔ deblibo bubuwo wɔwɔ me dzidzɔtɔe. (Kol. 1:15-17) Wowɔ mawudɔla akpe teƒe akpe geɖe. Mawudɔla siwo ŋu wogblɔ le be wonye “eƒe subɔla, siwo wɔa nusi dzea eŋu” la subɔa Mawu kple dzidzɔ. Mawu hã dea bubu wo ŋu heyɔa wo be ye “viwo.” Wonye Yehowa ƒe ƒome gã la ƒe akpa aɖe.
4. Aleke wòdzɔe be amegbetɔwo hã va zu Mawu ƒe ƒome gã la me tɔwo?
4 Esi Yehowa wɔ dziƒo ŋu nuwo kple anyigbaa vɔ la, ekeke eƒe ƒome gã la ɖe enu. Nu si Yehowa wɔe nye be, esi wòdzra anyigba la dzi ɖo be wòanya kpɔ ahalé agbe ɖe te vɔ la, ewɔ amegbetɔ gbãtɔ, Adam, ɖe Eƒe nɔnɔme nu tsɔ ƒo eƒe anyigbadzinuwɔwɔwo tae. (1 Mose 1:26-28) Esɔ be Yehowa si nye Wɔla la nabia tso Adam si be wòaɖo to ye. Abe Fofo ene la, Yehowa na eƒe mɔfiamewo katã le lɔlɔ̃ kple dɔmenyo me. Eƒe mɔfiameawo mexɔ ablɔɖe le amegbetɔwo si madzemadzee kura o.
5. Ðoɖo kae Mawu wɔ be via siwo nye amegbetɔwo nayɔ anyigba la dzi?
5 To vovo na fia siwo nye amegbetɔwo la, Yehowa bua eteviwo be wonye yeƒe ƒometɔwo. Eka ɖe wo dzi ale gbegbe be wòlɔ̃ faa gblẽ dɔ aɖewo dzi kpɔkpɔ ɖe wo si me. Le kpɔɖeŋu me, ena ŋusẽ Adam ɖe nu gbagbe bubuwo dzi, eye wòde dɔ si me dzidzɔ le evɔ mehele bɔbɔe o la asi nɛ be wòana ŋkɔ lãwo. (1 Mose 1:26; 2:19, 20) Mawu mewɔ amegbetɔ deblibo miliɔn geɖe be woayɔ anyigba la dzi o. Ke boŋ ewɔ kpeɖeŋutɔ deblibo si sɔ na Adam
VI DZEAGLÃWO GBE MAWU ƑE DZIÐUÐU
6. (a) Aleke aglãdzedze dze egɔme le Mawu ƒe ƒomea me? (b) Nu kae ɖee fia be Yehowa gakpɔtɔ kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nuwɔwɔwo dzi?
6 Nublanuitɔe la, medze Adam kple Xawa ŋu be Yehowa nanye yewoƒe Dziɖulagã o. Ke boŋ wotiae be yewoadze Satana, si nye mawudɔla si dze aglã ɖe Mawu ŋu, yome. (1 Mose 3:1-6) Nu si do tso Mawu ƒe dziɖuɖu gbegbe mee nye vevesese, fukpekpe kple ku si wohe va wo ɖokuiwo kple woƒe dzidzimeviwo katã dzi. (1 Mose 3:16-19; Rom. 5:12) Ame aɖeke megale anyigba dzi si nye vi ɖoto na Mawu o. Ðe esia fia be Mawu megakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nuwɔwɔ siwo le anyigba dzi la dzi o, eye wòɖe asi le eƒe dziɖuɖu ɖe wo dzi ŋua? Kpao! Eɖe eƒe dziɖuŋusẽ fia esi wònya atsu kple asi gbãtɔa ɖa le Eden-bɔa me, eye wòna kerubiwo va le abɔa ƒe mɔnu ŋu dzɔm be womagatrɔ agbɔ va o. (1 Mose 3:23, 24) Le ɣeyiɣi ma ke me la, Mawu ɖee fia be yenye Fofo si lɔ̃ ye viwo esi wògblɔ be, yeana tame si yeɖo ɖe yeƒe ƒome gã si me mawudɔla kple amegbetɔ wɔnuteƒewo siaa le ŋu la nava eme. Eye edo ŋugbe be ‘dzidzimevi’ aɖe ava tsrɔ̃ Satana eye wòaɖɔ nu siwo Adam ƒe nu vɔ̃a gblẽ la ɖo.
7, 8. (a) Aleke gbegbe nɔnɔmeawo gblẽ le anyigba dzi le Noa ƒe ŋkekea me? (b) Nu kae Yehowa wɔ tsɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le anyigbaa dzi hekpɔ amegbetɔƒomea ta?
7 Le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me la, amegbetɔ aɖewo tiae be yewoawɔ nuteƒe na Yehowa. Wo dometɔ aɖewoe nye Abel kple Henox. Ke hã ame akpa gãtɔ gbe be Yehowa naganye yewo Fofo kple Fia o. Kaka Noa ƒe ɣeyiɣia naɖo la, “nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi.” (1 Mose 6:11) Ðe esia fia be Yehowa megakpɔ ŋusẽ ɖe anyigba la dzi oa? Nu kae nuŋlɔɖiwo ɖe fia?
8 Bu nuŋlɔɖi si ku ɖe Noa ŋu la ŋu kpɔ. Yehowa fia ale si Noa akpa aɖakaʋu gã si akpɔ eya ŋutɔ kple eƒe ƒometɔ kekeakewo ƒe agbe ta lae tsitotsito. Mawu gaɖe lɔlɔ̃ gã fia amegbetɔƒome bliboa esi wòtia Noa be wòanye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela.” (2 Pet. 2:5) Ðikeke mele eme o be Noa ƒe gbedeasia ƒe akpa aɖe ku ɖe dzimetɔtrɔ ŋu, eye wòxlɔ̃ nu amewo tso tsɔtsrɔ̃ si gbɔna ŋu; gake ɖeko amewo do toku eƒe nyawo. Noa kple eƒe ƒomea nɔ ŋutasẽla kple agbe baɖa nɔlawo dome ƒe geɖe. Yehowa si nye Fofo lɔ̃ame la kpɔ luʋɔ enyi mawo siwo wɔ nuteƒe nɛ la ta heyra wo. Yehowa ɖee fia be yekpɔtɔ nye Dziɖula, eye yekpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔ tosẽlawo kple mawudɔla vɔ̃ɖiwo siaa dzi esi wòtsɔ Tsiɖɔɖɔ tsrɔ̃ xexea.
YEHOWA ƑE DZIÐUÐU ÐE ANYIGBA DZI LE TSIÐƆÐƆA MEGBE
9. Mɔnukpɔkpɔ kae Yehowa gana amegbetɔwo le Tsiɖɔɖɔa megbe?
9 Esi Noa kple eƒe ƒomea do go le aɖakaʋua me teti, ɖo afɔ anyigba si ŋu wokɔ dzi hegbɔ ya fafɛ dzadzɛa la, ɖikeke mele eme o be woƒe dzi ayɔ fũu kple akpedada na Yehowa ɖe eƒe beléle kple ametakpɔkpɔ ta. Enumake Noa ɖi vɔsamlekpui eye wòsa vɔwo tsɔ da akpe na Yehowa. Mawu yra Noa kple eƒe ƒomea eye wògblɔ na wo be, “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi!” (1 Mose 8:20–9:1) Mɔnukpɔkpɔ gasu amegbetɔwo si ake be woawɔ ɖeka ade ta agu na Yehowa ahadzi ayɔ anyigba la dzi.
10. (a) Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, aleke amewo gava dze aglã ɖe Yehowa ŋu ake? Eye afi kae esia dzɔ le? (b) Nu kae Yehowa wɔ tsɔ kpɔ egbɔ be yeƒe lɔlɔ̃nu nava eme?
10 Gake Tsiɖɔɖɔa meklɔ amegbetɔwo ƒe blibomademade ɖa le wo ŋu o. Egahiã kokoko be woawɔ avu kple Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi. Eteƒe medidi hafi amegbetɔwo gadze aglã ɖe Yehowa ƒe dziɖuɖu nyui la ŋu ake o. Aglãdzelawo dometɔ ɖeka si tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu vevie ye nye Noa ƒe tɔgbuitɔgbuiyɔvi Nimrod. Biblia yɔ Nimrod be “adela kalẽtɔ [si tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu].” Etso du gãgãwo, abe Babel ene, eye wòɖo eƒe fiaɖuƒe anyi “le Sinear-nyigba dzi.” (1 Mose 10:8-12) Nu kae Fia mavɔmavɔtɔ la awɔ fia dzeaglã sia si ɖoe be yeagblẽ tame si Wòɖo be amewo ‘nayɔ anyigba dzi’ la me? Mawu tɔtɔ amewo ƒe gbegbɔgblɔ, eye Nimrod teviwo kaka ɖe “anyigba blibo la katã dzi.” Afi sia afi si amegbetɔwo yi la, wotsɔ alakpasubɔsubɔ kple wo nɔviwo dzi ɖuɖu ŋutasesẽtɔe ɖe asi yii.
11. Aleke Yehowa wɔ nuteƒe na exɔlɔ̃ Abraham?
11 Togbɔ be ame geɖe subɔ alakpamawuwo le Tsiɖɔɖɔa megbe hã la, nuteƒewɔla aɖewo ya yi edzi subɔ Yehowa. Wo dometɔ ɖekae nye Abraham, ame si lɔ̃ faa ʋu tso aƒe nyuiwo me le wo de Ur eye wòyi ɖanɔ avɔgbadɔwo me ƒe geɖe. (1 Mose 11:31; Heb. 11:8, 9) Esime Abraham nɔ ʋuʋum tso teƒe yi teƒe la, meɖo ŋu ɖe takpɔkpɔ si tso amegbetɔ fiawo gbɔ, alo esi wòakpɔ le du siwo ŋu woɖo gli ɖo me la ŋu o. Ke hã Yehowa kpɔ Abraham kple eƒe ƒomea ta. Hakpalaa gblɔ le ale si Yehowa kpɔ wo ta abe Fofo ene ŋu be: “[Mawu] mena ame aɖeke te wo ɖe anyi o, eye wòhe to na fiawo le wo ta.” (Ps. 105:13, 14) Yehowa wɔ nuteƒe na exɔlɔ̃ Abraham eye wòdo ŋugbe nɛ be: “Fiawo adzɔ tso mewò.”
12. Aleke Yehowa ɖe eƒe dziɖuŋusẽ fia Egiptetɔwo? Eye vi kae esia ɖe na eƒe amewo?
12 Mawu gado ŋugbe ma ke na Abraham vi Isak kple eƒe tɔgbuiyɔvi Yakob be yeayra wo eye fiawo adzɔ tso woƒe dzidzimeviwo me. (1 Mose 26:3-5; 35:11) Gake do ŋgɔ na nya sia me vava la, Yakob ƒe dzidzimeviwo zu kluviwo le Egipte. Ðe esia fia be Yehowa mawɔ eƒe ŋugbedodoa dzi oa, alo be etrɔ tame heɖoe be yemagaɖu amegbetɔwo dzi oa? Kura o! Le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, eɖe eƒe dziɖuŋusẽ fia Farao dzimesesẽtɔ la. Israel vi siwo nye kluviwo la xɔ Yehowa dzi se eye wòɖe wo nukutɔe to Ƒudzĩa me. Edze ƒãa be Yehowa gakpɔtɔ nye Xexea Me Katã ƒe Dziɖulagã, eye abe Fofo lɔ̃ame ene la, ezã eƒe ŋusẽ gã la tsɔ kpɔ eƒe amewo ta.
YEHOWA ZU ISRAEL ƑE FIA
13, 14. (a) Nya kae Israel viwo gblɔ le hadzidzi me tso Yehowa ƒe fianyenye ŋu? (b) Ŋugbe kae Mawu do na David?
13 Esi Yehowa ɖe Israel viwo nukutɔe tso Egipte teti la, wodzi aʋadziɖuha tsɔ kafui. Hadzidzi ma dze le Mose Ƒe Agbalẽ Evelia, ta 15; eƒe kpukpui 18 lia gblɔ be: “Yehowa aɖu fia ɖaa tegbetegbe.” Eme kɔ ƒãa be Yehowa zu Fia ɖe Israel-dukɔ yeyea dzi. (5 Mose 33:5, NW) Gake medze dukɔa ŋu be Yehowa nanye yewoƒe Dziɖula si ŋku mekpɔna o la o. Ƒe 400 le woƒe ʋuʋu tso Egipte megbe la, wobia be Mawu natia amegbetɔ atsɔ aɖo fia ɖe yewo nu abe trɔ̃subɔdukɔ siwo ƒo xlã yewo la ke ene. (1 Sam. 8:5) Ke hã, Yehowa kpɔtɔ nye Fia; esia dze ƒãa le David, si nye Israel-fia evelia, ƒe dziɖuɣi.
14 David na wokɔ nubablaɖaka kɔkɔe la va Yerusalem. Le dzidzɔŋkeke ma dzi la, Lewi viwo dzi kafukafuha siwo me nya ɖedzesi siawo dze le, le 1 Kronika 16:31 be: “Woagblɔ le dukɔwo dome be: Yehowa ye nye fia [Yehowa ŋutɔ zu Fia, NW]!” Ame aɖe abia be, ‘Esi wònye be Yehowa ye nye Fia mavɔmavɔtɔ ta la, ke aleke wɔ wogblɔ be ezu Fia ɣemaɣi?’ Yehowa zua Fia nenye be eɖe eƒe dziɖuŋusẽ fia alo tia ame aɖe be wòanɔ ye teƒe awɔ nane le ɣeyiɣi aɖe me, alo wòanɔ ye teƒe akpɔ nɔnɔme aɖe koŋ gbɔ. Esia gɔmesese le vevie ŋutɔ. Hafi David naku la, Yehowa do ŋugbe nɛ be eƒe fiaɖuƒea anɔ anyi tegbee esi wògblɔ be: “Maɖo viwò, si do tso wò ali me la, ɖe yowòme, eye mana eƒe fiaɖuƒe nali ke.” (2 Sam. 7:12, 13) Ŋugbedodo sia va eme mlɔeba esime David ƒe ‘dzidzimevi’ la do ƒe 1,000 kple edzivɔ megbe. Ame kae nye dzidzimevi ma, eye ɣekaɣie wòva zu Fia?
YEHOWA ÐO FIA YEYE
15, 16. Ɣekaɣie wosi ami na Yesu be wòava nye Fia? Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, ɖoɖo kae wòwɔ ku ɖe eƒe dziɖuɖu ŋu?
15 Le ƒe 29 M.Ŋ. me la, Yohanes Amenyrɔɖetsimela nɔ gbeƒã ɖem be, “dziƒofiaɖuƒe la gogo.” (Mat. 3:2) Esi Yohanes nyrɔ Yesu ɖe tsi me la, Yehowa si ami na Yesu wòzu Mesia si ŋugbe wodo kple ame si ava nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia. Yehowa ɖe vifofo ƒe lɔlɔ̃ fia Yesu esi wògblɔ be: “Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ŋu mekpɔ ŋudzedze ɖo.”
16 Yesu do Fofoa ɖe dzi le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa katã me. (Yoh. 17:4) Ewɔ esia esi wòɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. (Luka 4:43) Efia eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia be Fiaɖuƒea nava. (Mat. 6:10) Esi Yesu nye Fia si Mawu tia ta la, ete ŋu gblɔ na ame siwo tsi tre ɖe eŋu la be: “Mawu fiaɖuƒe la le mia dome.” (Luka 17:21) Emegbe le fiẽ si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, ewɔ ‘fiaɖuƒe ƒe nubabla’ kple eyomedzelawo. Eto ema dzi ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒe aɖewo be woaɖu fia kplii le Mawu Fiaɖuƒea me.
17. Mɔ ka nue Yesu dze fiaɖuɖu gɔme le mɔ sue aɖe nu le ƒe 33 M.Ŋ. me? Gake nu kae wòle be wòalala be woatsɔ ana ye?
17 Ɣekaɣie Yesu dze fiaɖuɖu gɔme abe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ene? Medze dziɖuɖu gɔme enumake o. Elabena le ŋufɔke ƒe ŋdɔ me la, wowu Yesu eye eyomedzelawo ka hlẽ. (Yoh. 16:32) Ke hã, abe ale si wònɔ le blema ene la, Yehowa kpɔtɔ nye Dziɖulagã. Eya ta le ŋkeke etɔ̃agbe la, efɔ Via ɖe tsitre, eye le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, Yesu dze fiaɖuɖu gɔme ɖe Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame la dzi. (Kol. 1:13) Ke hã ehiã be Yesu si nye ‘ŋugbedodovi’ la, nalala va se ɖe esime woana ŋusẽe ɖe anyigba bliboa dzi. Yehowa gblɔ na Via be: “Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui!”
SUBƆ FIA MAVƆMAVƆTƆ LA
18, 19. Nu kae nyati sia ʋã mí be míawɔ? Nu kae míasrɔ̃ le nyati si kplɔ esia ɖo me?
18 Ƒe akpe geɖe ye nye esia si wole tsitre tsim ɖe Yehowa ƒe dziɖuɖu ŋu le dziƒo kple anyigba dzi. Gake Yehowa meɖea asi le eƒe dziɖuɖu ɖe anyigba dzi ŋu kura o, ekpɔtɔ kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nuwɔwɔwo dzi. Esi wònye Fofo lɔ̃ame ta la, ekpɔ esubɔla wɔnuteƒewo abe Noa, Abraham kple David ene ta helé be na wo nyuie. Ðe esia meʋã mí be míabɔbɔ ɖe míaƒe Fia la te eye míate ɖe eŋu geɖe wu oa?
19 Gake ɖewohĩ míabia be: Aleke Yehowa zu Fia le míaƒe ŋkekea me? Aleke míawɔ anye Yehowa ƒe Fiaɖuƒea tevi wɔnuteƒewo, eye míava zu vi deblibowo le eƒe ƒome gã la me? Nu kae wòfia ne míedo gbe ɖa bia be Mawu Fiaɖuƒea nava? Nyati si kplɔ esia ɖo aɖo biabia siawo ŋu na mí.