Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Mezãa Atitsoga Le Tadedeagu Me o?

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Mezãa Atitsoga Le Tadedeagu Me o?

Exlẽlawo Bia Be

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Mezãa Atitsoga Le Tadedeagu Me o?

Yehowa Ðasefowo xɔ edzi se vevie be Yesu Kristo ƒe kua ye wotsɔ xe fe ɖe mía ta wòʋu agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔ ɖi na ame siwo katã aɖe edzixɔxɔse afia. (Mateo 20:28; Yohanes 3:16) Ke hã, womexɔ edzi se be atitsoga ŋue Yesu ku ɖo, abe ale si wòdzena le subɔsubɔhawo ƒe nɔnɔmetatawo me zi geɖe ene, o. Nu si dzi woxɔ see nye be ati dzɔdzɔe, si wometso gae o, ŋue Yesu ku ɖo.

Mesopotamia ye wote atitsogazazã le anɔ abe ƒe akpe eve sɔŋ ene do ŋgɔ na Kristo ƒe anyigbadzivava. Scandinaviatɔwo ɖea atitsoga ƒe nɔnɔme gɔ̃ hã ɖe agakpewo dzi, anɔ abe ƒe 3,000 sɔŋ ene, do ŋgɔ na Yesu dzidzi. Denmarktɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla kple dzesiwo ŋuti nunyala Sven Tito Achen ŋlɔ ɖe agbalẽ si nye Symbols Around Us (Dzesi Siwo Ƒo Xlã Mí) me be trɔ̃subɔla mawo zã atitsoga “abe akunyawɔwɔ ƒe dzesi ene . . . hena ametakpɔkpɔ kple dzɔgbenyuie alo aklama ƒe ɖiɖi na ame.” Eya ta mewɔ nuku o be Katolikotɔwo ƒe numekugbalẽ aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: “Wozã atitsoga le ame siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli kple ame siwo menye Kristotɔwo o la dome wòkuna ɖe yamenutome alo dzɔdzɔmenuwo ƒe dzesiwo koŋ ŋu.” Ke nu ka tae subɔsubɔhawo zãa atitsoga la abe subɔsubɔdzesi vevitɔ ene?—New Catholic Encyclopedia.

Britaintɔwo ƒe agbalẽnyalagã si ŋu wodea bubui, W. E. Vine, klo nu le nyateƒenya siawo dzi be: “Le ƒe alafa 3 lia M.Ŋ. ƒe domedome lɔƒo la, woxɔa trɔ̃subɔlawo ɖe sɔlemeawo me, eye woɖe mɔ na wo be woayi woƒe subɔsubɔ nuwo kple dzesiwo dometɔ geɖe zazã dzi. Eya ta woɖiɖi dzesi si nye T, si woyɔna be Tau la ƒe ati tametɔ la va anyime vie, eye woda asi ɖe edzi abe subɔsubɔ dzesi ene.”—Vine’s Expository Dictionary of Old and New Testament Words.

Vine gade dzesii hã be ŋkɔ si me woɖe nya “atitsoga” tso la fiaa “ati tsralaa dzɔdzɔe alo kpɔtɔti . . . si menyea ati eve siwo wotsɔ tso ga wo nɔewo abe ale si subɔsubɔhawo ɖenɛ fiana ɣesiaɣi ene o.” Le ɖekawɔwɔ me kple nya sia la, agbalẽ si nye Oxford University’s Companion Bible gblɔ be: “Nyateƒenya lae nye . . . be ati tsralaa dzɔdzɔe ŋue wowu Aƒetɔ la ɖo, ke menye ati eve siwo wotsɔ tso ga wo nɔewo ŋue o.” Eme kɔ ƒãa be subɔsubɔ kɔnyinyi si metso Biblia me o dzie subɔsubɔhawo va le wɔwɔm ɖo.

Ŋutinyaŋlɔla Achen, si ŋu míeƒo nu tso va yi la gblɔ be: “Kakaɖedzi meli be le ƒe alafa eve siwo kplɔ Yesu ƒe ku ɖo me la, Kristotɔwo zã atitsoga ƒe dzesi kpɔ o.” Egblɔ kpee be: “Ku kple vɔ̃ ƒe dzesi koŋue atitsoga anya fia na Kristotɔ gbãtɔwo abe ale si ko ametatsomɔ̃ alo elektrikzikpui si dzi wowua ame le la anɔ na dzidzime siwo va nɔ anyi le ɣeyiɣi mawo megbe ene.”

Nu si le vevie wue nye be, nu ka kee woɖazã tsɔ wu Yesu o, mele be nu ma ƒe nɔnɔmetata alo eƒe dzesi aɖeke nazu subɔsubɔnu na Kristotɔwo alo woazãe le tadedeagu me kura o. Biblia de se be: “Misi le trɔ̃subɔsubɔ nu.” (1 Korintotɔwo 10:14) Yesu ŋutɔ gblɔ nu si wòle be woatsɔ ade dzesi ye yomedzelawo. Egblɔ be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—Yohanes 13:35.

Le subɔsubɔnya ɖe sia ɖe gome la, Yehowa Ðasefowo dzea agbagba, abe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ene, wɔna ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo dzi tsɔ wu be woawɔ ɖe amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo dzi. (Romatɔwo 3:4; Kolosetɔwo 2:8) Esia tae womezãa atitsoga le tadedeagu me o ɖo.

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Asiriatɔwo Ƒe Fia Trɔ̃subɔla Aɖe Si Tsi Atitsoga Ðe Kɔ La Ƒe Kpetata, Le Ƒe 800 D.M.Ŋ. Lɔƒo Me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Photograph taken by courtesy of the British Museum