Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Ŋutɔŋutɔe Mawu Nyea?

Ame Ŋutɔŋutɔe Mawu Nyea?

Ame Ŋutɔŋutɔe Mawu Nyea?

Ale si ame geɖewo ɖoa nya sia ŋui:

▪ “Ele afi sia afi, ele nu sia nu me. Ele abe yaƒoƒo ene.”

▪ “Enye ŋusẽ nyanu aɖe si menye ame ŋutɔŋutɔ o.”

Nya kawoe Yesu gblɔ?

▪ “Fofonye ƒe aƒe me la, nɔƒe geɖewo li.” (Yohanes 14:2) Yesu ƒo nu tso Mawu ŋu le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me be aƒe alo nɔƒe le Esi.

▪ “Metso Fofo la gbɔ, eye meva xexea me. Gawu la, mele dzodzom le xexea me, eye meyina Fofo la gbɔ.” (Yohanes 16:28) Yesu xɔe se be Ame ŋutɔŋutɔe Mawu nye eye wòle teƒe aɖe koŋ.

YESU megblɔ kpɔ gbeɖe be ŋusẽ aɖe koe Mawu nye o. Ðe ema teƒe la, eƒo nu na Mawu hedo gbe ɖa nɛ. Eyɔa Yehowa zi geɖe be ye Fofo si le dziƒo, eye Mawu yɔyɔ alea ɖe ale si tsi metoa woa kplii dome o la fia.—Yohanes 8:19, 38, 54.

Nyateƒee wònye be “ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o,” eye “Mawu nye Gbɔgbɔ.” (Yohanes 1:18; 4:24) Gake esia mefia be ŋutilã alo nɔnɔme ƒomevi aɖeke mele esi o. Biblia gblɔ na mí be: “Ne luʋɔŋutilã li la, ekema gbɔgbɔŋutilã hã li.” (1 Korintotɔwo 15:44) Eya ta ɖe míagblɔ be gbɔgbɔŋutilã ye le Yehowa sia?

Ɛ̃. Esi wofɔ Yesu la, “dziƒo ŋutɔŋutɔ wòge ɖo, bene wòado ɖe Mawu ŋutɔ ŋkume azɔ le mía ta.” (Hebritɔwo 9:24) Esia fia nu vevi eve mí ku ɖe Mawu ŋu. Gbãtɔae nye be nɔƒe le esi. Eveliae nye be Ame ŋutɔŋutɔe wònye, ke menye ŋusẽ aɖe si nɔnɔme meli na o si nɔa afi sia afi ye wònye o.

Ekema aleke Mawu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe nuwo dzi le afi sia afi? Mawu ate ŋu aɖo eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, alo dɔwɔŋusẽ la, ɖe afi sia afi le xexea me godoo. Abe ale si vifofo doa asi ɖa be yeafa akɔ na ye viwo ahakpe ɖe wo ŋu ene la, Mawu zãa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ naa eƒe tameɖoɖowo vaa eme.—Psalmo 104:30; 139:7.

Esi wònye Ame ŋutɔŋutɔe Mawu nye ta la, amenyenye le esi, eye nu siwo dzɔa dzi nɛ kple nu siwo medzɔa dzi nɛ o hã li—seselelãme gɔ̃ hã le esi. Biblia gblɔ na mí be elɔ̃a eƒe amewo, kpɔa dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔwo ŋu, léa fu trɔ̃subɔsubɔ, eye ŋutasẽnuwɔnawo ɖua dzi nɛ. (1 Mose 6:6; 5 Mose 16:22; 1 Fiawo 10:9; Psalmo 104:31) Woyɔe le 1 Timoteo 1:11 be “Mawu dzidzɔtɔ la.” Esia tae mewɔ nuku o be Yesu gblɔ be míate ŋu asrɔ̃ ale si míalɔ̃ Mawu sia kple míaƒe dzi blibo!—Marko 12:30. *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 12 Ne èdi nyatakaka bubuwo ku ɖe nya sia ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 1. Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Abe ale si vifofo doa asi ɖa kpena ɖe via ŋu ene la, Mawu zãa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ naa eƒe tameɖoɖowo vaa eme