Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Kae Nye Mawu?

Ame Kae Nye Mawu?

Ame Kae Nye Mawu?

ALEKE nàɖo nyabiase ma ŋui? Ame aɖewo susunɛ be yewonya Mawu nyuie—eye be enye yewo xɔlɔ̃ kplikplikpli. Ame bubuwo ya bua Mawu abe ƒometɔ aɖe si le adzɔge ene. Woxɔe se be eli, gake womenya nu boo aɖeke tso eŋu o. Ne èxɔ Mawu dzi se la, aleke nàɖo nya siwo gbɔna la ŋui?

1. Ame ŋutɔŋutɔe Mawu nyea?

2. Ŋkɔ le Mawu sia?

3. Yesu ye nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la?

4. Ðe Mawu tsɔa ɖe le eme nama?

5. Ðe subɔsubɔ ƒomeviwo katã dzea Mawu ŋua?

Anɔ eme be ne èbia nya siawo amewo la, ŋuɖoɖo wɔmoya ƒomevi geɖewoe nàse. Mewɔ nuku o be nyakpakpa kple nukpɔsusu totrowo li fũu ku ɖe Mawu ŋu.

Nu Ka Tae Ŋuɖoɖoawo Hiã Vevie?

Esi Yesu Kristo nɔ nu ƒom kple nyɔnu mawudzixɔsela aɖe si wòdo go le vudo aɖe to la, Yesu te gbe ɖe ale si wòle vevie be woanya nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu la dzi. Nyɔnu sia si nye Samariatɔ la kpɔe dze sii be nyagblɔɖilae Yesu nye. Gake nane ɖe fu nɛ. Yesu ƒe subɔsubɔ to vovo na etɔ. Esi wòɖe nu si nɔ fu ɖem nɛ gblɔ la, Yesu ɖo eŋu nɛ tẽe be: “Miedea ta agu na nu si mienya o.” (Yohanes 4:19-22) Edze ƒãa be Yesu nyae be menye ame siwo katã xɔ Mawu dzi see nya Mawu nyuie o.

Ðe Yesu ƒe nya siawo fia be ame aɖeke mate ŋu anya Mawu nyuie oa? Ao, mefia nenema o! Ðe Yesu yi edzi gblɔ na nyɔnua boŋ be: “Nyateƒetadeagulawo atsɔ gbɔgbɔ kple nyateƒe ade ta agu na Fofo la, elabena le nyateƒe me la, Fofo la le ame siawo ƒomevi dim be woade ta agu na ye.” (Yohanes 4:23) Ðe nèle ame siwo tsɔa “gbɔgbɔ kple nyateƒe” dea ta agu na Mawu la domea?

Ele vevie ŋutɔ be nàkpɔ kakaɖedzi na ale si nàɖo nya sia ŋui. Nu ka tae? Yesu na nu si tae sidzedze vavãtɔ hiã la dze ƒãa le eƒe gbedodoɖa sia me be: “Esiae nye agbe mavɔ la be: woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la, ŋuti sidzedze xɔm.” (Yohanes 17:3) Ɛ̃, wò etsɔme dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖe Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ ƒe asiwò susu dzi.

Ðe wòanya wɔ ŋutɔŋutɔ be woanya nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋua? Ɛ̃! Ke aleke nàwɔ anya? Yesu gblɔ ku ɖe eɖokui ŋu be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yohanes 14:6) Egblɔ hã be: “Ame si Fofo la nye la, ame aɖeke menyae o, negbe Vi la ko, kple ame si Vi la lɔ̃ be yeaɖee afia ko.”—Luka 10:22.

Eya ta safui si ʋua Mawu nyanya ƒe ʋɔtru na ame la dze le Yesu Kristo, Mawu ƒe Vi la, ƒe nufiafiawo me. Le nyateƒe me la, Yesu do ŋugbe na mí be: “Ne mielé nye nufiafiawo me ɖe asi la, ekema mianye nye nusrɔ̃la vavãwo. Miadze si nyateƒe la hã, eye nyateƒe la awɔ mi ablɔɖeviwoe.”—Yohanes 8:31, 32, Agbenya La.

Ke aleke Yesu aɖo nyabiase atɔ̃ siwo míebia do ŋgɔ la ŋui?

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Ðe nèdea ta agu na Mawu aɖe si mènya ŋutɔŋutɔ oa?