Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Tae Wotsɔa Ŋkɔ Aɖewo Ðo

Nu Si Tae Wotsɔa Ŋkɔ Aɖewo Ðo

Nu Si Tae Wotsɔa Ŋkɔ Aɖewo Ðo

Etiopia nyɔnu aɖe dzi ŋutsuvi. Gake eƒe dzidzɔa trɔ zu nuxaxa esime wòkpɔ ɖevia le anyimlɔƒe maʋamaʋãe. Esi vidzĩa mama kɔ vi fẽ gblɔyɔ la be yeale tsi nɛ la, enumake ete ʋaʋã, enɔ gbɔgbɔm henɔ avi fam! Ðevia fofo ŋkɔ gɔmee nye “Nukunu,” eya ta edzilawo tsɔ ŋkɔ ma kpe ɖe Amharikgbe me nya bubu aɖe ŋu tsɔ na ŋkɔ ɖevia. Ŋkɔ si wonae la gɔmee nye, “Nukunu Aɖe Dzɔ.”

Le Burundi la, ɖekakpui aɖe si le asrafo siwo nɔ edim be yewoawui la nu. Esime ɖekakpuia be ɖe agble aɖe me la, eka atam be ne Mawu xɔ ye ɖe agbe la, yeatsɔ ŋkɔ na ye viŋutsu gbãtɔ be Manirakiza, si gɔmee nye “Mawu Ye Nye Ðela.” Ƒe atɔ̃ megbe la, etsɔ ŋkɔ ma na viaŋutsu gbãtɔ, elabena dzi dzɔe be yetsi agbe.

ŊKƆ si ŋu gɔmesese aɖe koŋ le tsɔtsɔ na vi ate ŋu awɔ nuku na ame aɖewo ya, gake tso keke blema kee nuwɔna sia dze egɔme. Le nyateƒe me la, ŋkɔ siawo tɔgbi alafa geɖe le Biblia me. Ame vovovo aɖewo siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la ƒe ŋkɔwo gɔme sese ana Biblia xexlẽ nagaɖe vi na wò geɖe wu. Na míakpɔ esiawo ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

Ŋkɔ Siwo Ŋu Gɔmesese Le Le Hebri Ŋɔŋlɔawo Me

Ŋkɔ gbãtɔ siwo woyɔ le Biblia me la dometɔ ɖekae nye Set, si gɔmee nye “Ame Si Woɖo.” Set dada Xawa ɖe susu si tae wòtia ŋkɔ ma ɖo la me be: ‘Mawu ɖo dzidzime bubu Habel, ame si Kain wu la teƒe nam.’ (1 Mose 4:25) Set ƒe dzidzimevi Lamex na ŋkɔ via be Noa, si gɔmee nye “Gbɔdzɔe” alo “Akɔfafa.” Lamex ɖe susu si tae wòtsɔ ŋkɔ ma na viaŋutsua me be, “ame sia ana gbɔdzɔe mí tso míaƒe dɔwɔwɔ kple fuɖeɖewo me le anyigba, si Yehowa ƒo fi de la dzi.”—1 Mose 5:29.

Mawu ŋutɔ trɔ ŋkɔ na ame tsitsi aɖewo tsɔ gblɔ nya ɖi. Le kpɔɖeŋu me, etrɔ Abram ƒe ŋkɔ, si gɔmee nye “Wodo Fofo Ðe Dzi,” wòzu Abraham, si gɔmee nye “Ame Geɖewo Fofo.” Abraham va zu dukɔ geɖewo fofo, le ɖekawɔwɔ me kple gɔmesese si le eƒe ŋkɔa ŋu vavã. (1 Mose 17:5, 6) Bu Abraham srɔ̃ Sarai, si gɔmee anya nye “Dzrehela” hã ŋu kpɔ. Aleke gbegbe dzi anya dzɔe ye nye esi esime Mawu trɔ eƒe ŋkɔ be “Sara,” si gɔmee nye “Fiavinyɔnu,” tsɔ nɔ susu hem yi ale si wòava nye fiawo mama la dzi!—1 Mose 17:15, 16.

Mawu ŋutɔ hã na ŋkɔ ɖevi aɖewo. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ na Abraham kple Sara be woatsɔ ŋkɔ na wo via be Isak, si gɔmee nye “Nukokoe.” Ŋkɔ sia anɔ ŋku ɖom ale si atsu kple asi wɔnuteƒe sia wɔ nui esime wogblɔ na wo be woadzi vi le woƒe tsitsime la dzi na wo. Esi Isak tsi va zu Mawu subɔla wɔnuteƒe la, ɖikeke mele eme o be, Abraham kple Sara yi edzi koa alɔgbɔnu ne woa kple wo vi lɔlɔ̃a wole dzidzɔ kpɔm ɖekae.—1 Mose 17:17, 19; 18:12, 15; 21:6.

Isak toyɔvi Raxel na ŋkɔ viaŋutsuvi mamlɛtɔ le susu bubu kura ta. Esime Raxel nɔ eƒe kuba dzi la, ena ŋkɔ via be Benoni, si gɔmee nye “Nye Konyifafa Ƒe Vi.” Srɔ̃aŋutsu Yakob, si zu aho la, trɔ ŋkɔa vie wòzu Benyamin, si gɔmee nye “Nye Ðusi Viŋutsu.” Ŋkɔ sia fia ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu kple megbe dada na ame siaa.—1 Mose 35:16-19; 44:20.

Ɣeaɖewoɣi la, wonaa ŋkɔ amewo alo woawo ŋutɔwo tsɔa ŋkɔ na wo ɖokuiwo le woƒe dzedzeme nu. Le kpɔɖeŋu me, Isak kple Rebeka dzi ŋutsuvi aɖe si ŋu fu dzĩ nɔ kedzekedze abe lãfuwu ye wodo nɛ ene, eya ta wona ŋkɔe be Esau. Nu ka tae? Le Hebrigbe me la, ŋkɔ ma gɔmee nye “Fume.” (1 Mose 25:25) Abe ale si wòdze le Rut ƒe agbalẽa me ene la, ŋutsuvi eve nɔ Naomi si. Woyɔ ɖeka be Maxlon, si gɔmee nye “Dɔnɔ, Wɔametɔ,” eye woyɔ evelia be Xilion, si gɔmee nye “Ame Gbɔdzɔ.” Ŋɔŋlɔawo megblɔe na mí nenye be wo dziɣi kee wotsɔ ŋkɔ siawo na wo loo alo wotsi hafi wotsɔ wo na wo o. Gake edze abe ŋkɔ siawo sɔ na wo ŋutɔ ene, elabena ɖekakpui eve siawo ku kaba.—Rut 1:5.

Kɔnu bubu aɖe si bɔe nye ŋkɔwo tɔtrɔ alo asitɔtrɔ le wo ŋu. Esi Naomi, ahosi si zu hiãtɔ le srɔ̃a kple viaŋutsuwo ƒe ku megbe gbɔ va Betlexem la, megadi be woayɔ ye be Naomi, si gɔmee nye “Nye Vivisese” o. Ete tɔ ɖe edzi boŋ be: “Migayɔm be Naomi o, hafi boŋ miyɔ Mara [si gɔmee nye Veve] nam; elabena ŋusẽkatãtɔ la do nublanuitɔm!”—Rut 1:20, 21.

Nu bubu si amewo lɔ̃a wɔwɔ ye nye be wonaa ŋkɔ wo viwo tsɔ ɖoa ŋku nu tɔxɛ aɖe si dzɔ le ɖeviawo dziɣi la dzi. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖila Xagai ƒe ŋkɔ gɔmee nye “Wodzii Le Azãɖuɣi.” *

Ŋkɔ Siwo Ŋu Gɔmesese Veviwo Le Le Kristotɔwo Ƒe Ɣeyiɣia Me

Gɔmesese vevi aɖe le Yesu ƒe ŋkɔa ŋu, eye wòɖe dɔ si wòava wɔ la fia. Do ŋgɔ na edzidzi la, Mawu to mawudɔla aɖe dzi gblɔ na edzilawo be, woayɔ “eŋkɔ be Yesu,” eye ŋkɔ ma gɔmee nye “Yehowa Ye Nye Xɔla.” Susu ka tae? Mawudɔla si ƒo nu kple Yosef la gblɔ be: “Aɖe eƒe dukɔ tso eƒe nu vɔ̃wo me.” (Mateo 1:21) Esi wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na Yesu le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi la, wova tsɔ Hebrigbe me dzesideŋkɔ si nye “Mesia” la kpe ɖe eƒe ŋkɔa ŋu. Woɖe dzesideŋkɔ sia ke gɔme ɖe Helagbe me be “Kristo.” Eye nya eveawo siaa gɔmee nye “Amesiamina.”—Mateo 2:4.

Yesu ŋutɔ na ŋkɔ aɖewo eƒe nusrɔ̃lawo, eye ŋkɔ mawo ɖe nɔnɔme siwo nɔ wo si la fia. Le kpɔɖeŋu me, etsɔ Kefas, Sem viwo ƒe gbegbɔgblɔ me ŋkɔ aɖe, si gɔmee nye “Agakpe” na Simon. Woɖe ŋkɔ Kefas gɔme ɖe Helagbe me be “Petro,” eye ŋkɔ siae ame geɖewo va nya na apostolo sia wu. (Yohanes 1:42) Yesu yɔ Yakobo kple Yohanes, siwo nye dadavi dovevienuwo la be, “Boanerges,” si gɔmee nye “Dziɖegbeviwo.”—Marko 3:16, 17.

Yesu ƒe nusrɔ̃lawo yi edzi nɔa ŋkɔ siwo sɔ la nam wo nɔewo. Ame siwo wona ŋkɔ la dometɔ ɖekae nye Yosef, si apostoloawo na ŋkɔ be Barnaba, si gɔmee nye “Akɔfafavi.” Barnaba wɔ nu wòsɔ ɖe eƒe ŋkɔa nu vavã, ehe akɔfafa vae na ame geɖe le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa.—Dɔwɔwɔwo 4:34-37; 9:27; 15:25, 26.

Vevienyenye Si Le Wò Ŋkɔ Ŋu

Menye mía ŋutɔwoe tia ŋkɔ si wotsɔ na mí le mía dziɣi o. Gake mía ŋutɔwo ƒe nuwɔnawoe kpɔa ŋusẽ ɖe ŋkɔ si ƒomevi míewɔna na mía ɖokui la dzi. (Lododowo 20:11) Anyo be nàbia ɖokuiwò be: ‘Nenye ɖe mɔnukpɔkpɔa su Yesu alo apostoloawo si la, anye ne ŋkɔ kae woatsɔ nam? Ŋkɔ kae sɔ woatsɔ aɖɔ nye nɔnɔme vevitɔ alo nye nuwɔnawoe?’

Ehiã be míabu nyabiase siawo ŋu vevie. Nu ka tae? Elabena nunyala Fia Salomo, ŋlɔ bena: “Ŋkɔ nyui xɔxɔ ƒo kesinɔnu geɖe ta.” (Lododowo 22:1) Kakaɖedzitɔe la, ne míewɔ ŋkɔ nyui na mía ɖokuiwo le ame siwo dome míele gbɔ la, anye kesinɔnu na mí. Eye gawu la, ne míewɔ ŋkɔ nyui na mía ɖokuiwo le Mawu gbɔ la, míaxɔ kesinɔnu si anɔ anyi ɖaa. Le mɔ ka nu? Mawu do ŋugbe be yeaŋlɔ ame siwo vɔ̃a ye la ƒe ŋkɔwo ɖe yeƒe “ŋkuɖodzigbalẽ” me ahana agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ wo.—Maleaxi 3:16; Nyaɖeɖefia 3:5; 20:12-15.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 12 Yehowa Ðasefo siwo le Afrika dometɔ geɖe ƒe ŋkɔwo do ƒome kple Ðasefowo ƒe takpekpe gã kple sue siwo wowɔ le wo dzigbe la ƒe tanyawo.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 15]

Ŋkɔ kae asɔ woatsɔ aɖɔ nye nɔnɔme?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 14]

Ame Kae Nye Imanuel?

Biblia me ŋkɔ aɖewo ƒe gɔmesese nye nyagblɔɖiwo, eye woɖɔa dɔ si ame siwo wotsɔ ŋkɔawo na la ava wɔ. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Yesaya wòŋlɔ bena: “Kpɔ ɖa, ɖetugbui afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi ana ŋkɔe be Imanuel.” (Yesaya 7:14, NW) Ŋkɔ sia gɔmee nye “Mawu Li Kpli Mí.” Biblia ŋuti nunyala aɖewo dze agbagba be yewoana nyagblɔɖi sia ƒe emevava gbãtɔ naku ɖe Israel fiawo dometɔ aɖe alo Yesaya viŋutsuwo dometɔ ɖeka ŋu. Gake Nya Nyui Gbalẽ ŋlɔla Mateo ɖee fia be nyagblɔɖi sia va eme keŋkeŋ ɖe Yesu dzi.—Mateo 1:22, 23.

Ame aɖewo gblɔ be esi Biblia yɔ ŋkɔ Imanuel na Yesu la, ɖe Biblia nɔ fiafiam be Yesue nye Mawu. Gake nenye nenemae la, ekema efia be Mawu ye ɖekakpui Elihu, si fa akɔ na Hiob heɖɔe ɖo la, hã nye. Nu ka tae? Eƒe ŋkɔ la gɔmee nye “Eyae Nye Nye Mawu.”

Yesu megblɔ kpɔ gbeɖe be yee nye Mawu o. (Yohanes 14:28; Filipitɔwo 2:5, 6) Gake eɖe Fofoa ƒe nɔnɔmewo fia le mɔ deblibo nu, eye wòna Mawu ƒe ŋugbedodo siwo ku ɖe Mesia la ŋu hã va eme. (Yohanes 14:9; 2 Korintotɔwo 1:20) Ŋkɔ Imanuel ɖɔ Yesu nyuie abe Dzidzimevi si nye Mesia la, ame si nye David ƒe dzidzimevi, kple ame si ɖee fia be Mawu li kple ame siwo katã subɔnɛ, la ene.

[Nɔnɔmetata]

IMANUEL “Mawu Li Kpli Mí”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ŋkɔ Vevitɔ Kekeake

Mawu ƒe ŋkɔ dze le Biblia bliboa me zi 7,000 kple edzivɔwo. Woɖe ŋkɔ sia si wotsɔa Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo nye יהוה ŋlɔna la gɔme ɖe Eʋegbe me be “Yehowa.” Ŋkɔ sia gɔme ɖe? Esi Mose bia Mawu be wòayɔ eƒe ŋkɔ na ye la, Yehowa ɖo eŋu nɛ be: “Mava Nye Nu Si Mava Nye.” (2 Mose 3:14, NW) Eya ta Mawu ƒe ŋkɔ nye kakaɖedzi be azu nu sia nu si hiã bene wòana eƒe tameɖoɖowo nava eme. (Yesaya 55:8-11) Ne Mawu do ŋugbe be yeawɔ nane la, míate ŋu atsɔ kakaɖedzi atu míaƒe agbe ɖe eƒe ŋugbedodoa dzi. Nu ka tae? Le gɔmesese si le eƒe ŋkɔ Yehowa ŋu tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

ABRAHAM “Ame Geɖewo Fofo”

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

SARA “Fiavinyɔnu”