Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yesu Ye Nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ La?

Yesu Ye Nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ La?

Yesu Ye Nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ La?

Ale si ame geɖewo ɖoa nya sia ŋui:

▪ “Ɛ̃, Yesu ye nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la.”

▪ “Mawu si ɖi va anyigba dzi va do amegbetɔwo ƒe ŋutilã ye Yesu nye.”

Nya kawoe Yesu gblɔ?

▪ “Ðe mielɔ̃m la, ne miekpɔ dzidzɔ be meyina Fofo la gbɔ, elabena Fofo la lolo wum.” (Yohanes 14:28) Yesu lɔ̃ ɖe edzi be ye kple ye Fofo yewomele tasɔsɔ me o.

▪ “Meyina Fofonye kple miawo hã mia Fofo, nye Mawu kple miawo hã mia Mawu, la gbɔ.” (Yohanes 20:17) Yesu megblɔ tso eɖokui ŋu be yee nye Mawu o, ke boŋ eƒo nu tso Mawu ŋu wòdze kɔtɛ be Ame bubu ye.

▪ “Nyemeƒo nu le ɖokuinye si o, ke boŋ Fofo si dɔm ɖa la na nya, si magblɔ, kple nu, si maƒo, la ƒe sem.” (Yohanes 12:49) Nu siwo Yesu fia la metso eya ŋutɔ gbɔ o, ke boŋ Fofo la gbɔe wotso.

YESU gblɔ be Mawu ƒe Vie yenye, megblɔ be yee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la o. Ne Yesu ye nye Mawu la, ke ame kae wòdoa gbe ɖa na esime wònɔ anyigba dzi? (Mateo 14:23; 26:26-29) Kakaɖedzitɔe la, Yesu menɔ gbe dom ɖa na eɖokui hena wòdze na amewo abe ame bubu aɖee wònɔ edom ɖa na ene o.

Esime Yesu ƒe nusrɔ̃la eve aɖewo biae be wòana yewoanɔ ɖoƒe tɔxɛ aɖewo le eƒe Fiaɖuƒea me la, eɖo eŋu na wo be: “Anyinɔnɔ ɖe nye ɖusi alo mia me ya la, menye tɔnye, be mana o, ke boŋ ame siwo Fofonye dzrae ɖo ɖi na la tɔe.” (Mateo 20:23) Alakpae Yesu nɔ dadam na wo esime wògblɔ be ŋusẽ mele ye si yeawɔ woƒe biabia la dzi na wo oa? Kura o! Ðe wògblɔ ɖokuibɔbɔtɔe boŋ be Mawu ɖeka ko sie ŋusẽ le be wòawɔ nyametsotso mawo. Yesu gblɔ gɔ̃ hã be nanewo li siwo ye ŋutɔ kple mawudɔlawo siaa yewomenya o, negbe ye Fofo ɖeka ko.—Marko 13:32.

Esime Yesu nye amegbetɔ nɔ anyigba dzi koe Mawu lolo wuia? Ao. Le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi megbe gɔ̃ hã la, woƒo nu tso eŋu le Biblia me be ele Mawu te. Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na mí be: “Mawu kɔ wu Kristo.” (1 Korintotɔwo 11:3, Today’s English Version) Biblia gblɔ be le etsɔme la, “ne wotsɔ nuwo katã de Kristo ƒe dziɖuɖu te vɔ la, ekema Vi la ŋutɔ hã atsɔ eɖokui ade Ame si tsɔ nuwo katã de ete la te, eye Mawu aɖu nuwo katã dzi bliboe.”—1 Korintotɔwo 15:28, TEV.

Edze ƒãa be menye Yesu ye nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la o. Ema tae Yesu yɔ Fofoa be “nye Mawu” ɖo.—Nyaɖeɖefia 3:2, 12; 2 Korintotɔwo 1:3, 4. *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 12 Ne èdi nyatakaka bubuwo ku ɖe nyati sia ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe axa 201-204. Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

Yesu gblɔ be nanewo li siwo ye ŋutɔ kple mawudɔlawo siaa yewomenya o, negbe ye Fofo ɖeka ko