Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbugbɔgadzi—Mɔ Si Kplɔa Ame Yia Ðeɖekpɔkpɔ Mee Wònyea?

Gbugbɔgadzi—Mɔ Si Kplɔa Ame Yia Ðeɖekpɔkpɔ Mee Wònyea?

Gbugbɔgadzi—Mɔ Si Kplɔa Ame Yia Ðeɖekpɔkpɔ Mee Wònyea?

ALEKE nàɖo biabia si nye, “Ðe wogbugbɔ wò gadzia?” ŋu? Sɔlemedela miliɔn geɖe siwo le anyigba dzi la aɖo bibia sia ŋu kakaɖedzitɔe be, “Ɛ̃!” Woxɔe se be be woagbugbɔ ame adzi nye Kristotɔ vavãtɔ nyenye ƒe dzesi kple mɔ ɖeka si ko dzi ame ato akpɔ ɖeɖe. Woxɔ subɔsubɔhakplɔlawo abe mawunyaŋununyala Robert C. Sproul ene ƒe nukpɔsusuwo dzi se, ame si ŋlɔ bena: “Ne womegbugbɔ ame aɖe gadzi o la, . . . ke menye Kristotɔe wònye o.”

Ðe wò hã nèle ame siwo xɔe se be gbugbɔgadzi nye mɔ si dzi ame ato akpɔ ɖeɖe la domea? Ne nenemae la, ɖikeke mele eme o be, àdi be yeakpe ɖe yeƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ŋu be woawo hã nake ɖe mɔ ma ŋu ahate edzi zɔzɔ. Gake hafi woate ŋu awɔ nenema la, ele be woase vovototo si le ame si wogbugbɔ dzi kple ame si womegbugbɔ dzi o dome la gɔme. Aleke nàɖe nu si wòfia be woagbugbɔ ame adzi la gɔmee?

Ame geɖe xɔe se be nyagbɔgblɔ “gbugbɔgadzi” kuna ɖe ame aɖe si ɖe adzɔgbe tso dzi me be yeasubɔ Mawu kple Kristo eye esia na tɔtrɔ va eƒe agbe me wòva le ƒomedodo nyui me kple Mawu azɔ la ŋu. Le nyateƒe me la, egbegbe nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ tso ame si wogbugbɔ dzi la ŋu be “zi geɖe la, enyea Kristotɔ aɖe si gbugbɔ do ŋusẽ eƒe xɔse alo gana wòde to ɖe edzi, vevietɔ le mawusubɔsubɔ me nuteƒekpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe megbe.”—Merriam-Webster’s Collegiate Dictionary—Eleventh Edition.

Ðe wòawɔ nuku na wò be Biblia meda asi ɖe numeɖeɖe ma dzi oa? Ðe nèdi be yeanya nu si tututu Mawu ƒe Nya, Biblia, fia ku ɖe gbugbɔgadzi ŋua? Nya sia me dzodzro tsitotsito aɖe vi na wò godoo. Nu ka tae? Elabena nu si wòfia be woagbugbɔ ame aɖe adzi ŋuti gɔmesese vavãtɔ akpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe kple wò etsɔmemɔkpɔkpɔ dzi.

Nu Kae Biblia Fia?

Teƒe si ko nyagbɔgblɔ ‘gbugbɔ ame dzi’ dze le le Biblia bliboa mee nye Yohanes 3:1-12, afi si woƒo nu tso dzeɖoɖo wɔdɔɖeamedzi aɖe si yi edzi le Yesu kple subɔsubɔhakplɔla aɖe dome le Yerusalem la ŋu le. Biblia me nudzɔdzɔ sia ŋuti nuŋlɔɖi bliboa dze le aɖaka si le axa si kplɔe ɖo me. Míekpe wò be nàxlẽe tsitotsito.

Yesu te gbe ɖe ‘amedzidzi yeyee’ * ƒe akpa vovovowo dzi le nuŋlɔɖi sia me. Le nyateƒe me la, Yesu ƒe numeɖeɖea kpena ɖe mía ŋu míekpɔa ŋuɖoɖo na nyabiase vevi atɔ̃ siwo gbɔna:

Vevienyenye ka gbegbee le amedzidzi yeyee ŋu?

Ame ŋutɔe tianɛ be woagbugbɔ adzi ye yeyea?

▪ Taɖodzinu kae le eŋu?

Aleke wogbugbɔa ame dzinae?

▪ Tɔtrɔ kae wòhena vaa ame ƒe agbe me?

Mina míadzro biabia siawo me ɖekaɖeka.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Nyagbɔgblɔ ‘amedzidzi yeyee’ dze le 1 Petro 1:3, 23. Enye Biblia me nya bubu aɖe si ɖɔ ale si ‘wogbugbɔa ame dzinae.’ Woɖe nya evea siaa tso Helagbe me dɔwɔnya si nye gen·naʹo la me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 4]

“Ele Be Woagbugbɔ Mi Adzi”

“Ame aɖe nɔ anyi, si tso Farisitɔwo dome, eŋkɔe nye Nikodemo, eye wònye Yudatɔwo ƒe kplɔla aɖe. Ame sia va egbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ be: ‘Rabi, míenyae be nufialae nènye, eye ètso Mawu gbɔ va; elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi siwo nèwɔna o, negbe ɖe Mawu li kplii.’ Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ be: ‘Vavã, vavã mele egblɔm na wò be: Ne womegbugbɔ ame dzi o la, mate ŋu akpɔ Mawu fiaɖuƒe la o.’ Nikodemo gblɔ nɛ be: ‘Aleke woawɔ adzi ame si nye ame tsitsi? Mate ŋu agbugbɔ ayi dadaa ƒe dɔ me be woagadzii zi evelia o ɖe, alo ate ŋuia?’ Yesu ɖo eŋu be: ‘Vavã, vavã mele egblɔm na wò be: Ne wometsɔ tsi kple gbɔgbɔ dzi ame o la, mate ŋu age ɖe Mawu fiaɖuƒe la me o. Nu si wodzi tso ŋutilã me la, ŋutilã wònye, eye nu si wodzi tso gbɔgbɔ me la, gbɔgbɔ wònye. Megawɔ mo yaa na wò be megblɔ na wò be: Ele be woagbugbɔ mi adzi o. Ya ƒona yia afi si wòdi, eye èsea eƒe gbe, gake mènyana afi si wòtso kple afi si yim wòle o. Nenema kee ame si wodzi tso gbɔgbɔ me hã le.’ Nikodemo ɖo eŋu nɛ gblɔ be: ‘Aleke nu siawo ate ŋu adzɔe?’ Yesu ɖo eŋu nɛ gblɔ be: ‘Israel ƒe nufiala nènye, gake mènya nu siawo oa? Vavã, vavã mele egblɔm na wò be: Nu si míenya lae míegblɔna, eye nu si míekpɔ la ŋue míeɖia ɖase le, gake miexɔa ɖase si míeɖina la o. Ne meƒo nu tso anyigba dzi nuwo ŋu na mi, eye miexɔe se o ɖe, aleke miawɔ axɔe ase ne meƒo nu tso dziƒonuwo ŋu na mi?’”—Yohanes 3:1-12.