Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nutsitsidɔ—Ðe Wònaa Nètena Ðe Mawu Ŋu Wua?

Nutsitsidɔ—Ðe Wònaa Nètena Ðe Mawu Ŋu Wua?

Nutsitsidɔ—Ðe Wònaa Nètena Ðe Mawu Ŋu Wua?

‘Nutsitsidɔ nye nu si kpena ɖe ame ŋu wòdea ŋugble le woa kple Mawu dome ƒomedodoa ŋu vevie, eye wòɖoa ŋku edzi na ame be menye ŋutilãmenudidiwoe nye nu vevitɔ kekeake le agbe me o.’—NYƆNU KATOLIKOTƆ AÐE.

‘Nutsitsidɔ kpena ɖe ame ŋu wònɔa ƒomedodo me kple Mawu.’—YUDATƆWO ƑE RABI AÐE.

‘Le míaƒe xɔseha me la, sededee nutsitsidɔ nye, enye nu vevi si dzi mato aɖe nye ɖokuitsɔtsɔna kple akpedada afia Mawu. Metsia nu dɔ le esi melɔ̃ Mawu ta.’—BAHAI XƆSE LA ME TƆ AÐE.

NUTSITSIDƆ nye nuwɔna aɖe si bɔ ɖe xexea me ƒe subɔsubɔhawo, siwo dome Buddha Subɔsubɔ, Hindu Subɔsubɔ, Islam Subɔsubɔ, kple Yuda Subɔsubɔ le la me. Ame geɖewo xɔe se be numaɖumaɖu hena ɣeyiɣi aɖe tea ame ɖe Mawu ŋu wu.

Nu kae nye wò susu? Ðe wòle be nàtsi nu adɔa? Nu kae Mawu ƒe Nya, Biblia la, gblɔ tso nya sia ŋu?

Nutsitsidɔ Le Biblia Ŋlɔɣiwo

Le Biblia ŋlɔɣiwo la, amewo tsia nu dɔna le susu vovovo siwo wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la ta. Wo dometɔ aɖewo tsi nu dɔ tsɔ ɖe woƒe nuxaxa vevie alo dzimetɔtrɔ tso nu vɔ̃wo me fia (1 Samuel 7:4-6), tsɔ di Mawu ƒe amenuveve alo eƒe mɔfiame (Ʋɔnudrɔ̃lawo 20:26-28; Luka 2:36, 37), alo be yewoƒe susu nanɔ ŋute nyuie wu ne yewole ŋugble dem.—Mateo 4:1, 2.

Gake Biblia ƒo nu tso nutsitsidɔ siwo ŋu Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖo o la hã ŋu. Fia Saul tsi nu dɔ hafi yi ɖabia nu le ŋɔliyɔla aɖe gbɔ. (3 Mose 20:6; 1 Samuel 28:20) Ame vɔ̃ɖiwo abe Izebel kple zazɛ̃nyahela siwo ɖo nugbe be yewoawu apostolo Paulo ene la hã tsi nu dɔ. (1 Fiawo 21:7-12; Dɔwɔwɔwo 23:12-14) Wonya Farisitɔwo nyuie ɖe woƒe nutsitsidɔ enuenu ta. (Marko 2:18) Ke hã, Yesu bu fɔ wo, eye woƒe nu medze Mawu ŋu o. (Mateo 6:16; Luka 18:12) Nenema kee Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe Israel vi aɖewo ƒe nutsitsidɔwo ŋu o le woƒe agbe baɖa nɔnɔ kple susu vɔ̃wo ta.—Yeremiya 14:12.

Kpɔɖeŋu siawo ɖee fia be menye nutsitsidɔa ŋutɔe dzea Mawu ŋu o. Ke hã, Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe esubɔla vavã geɖewo ƒe nutsitsidɔ ŋu. Ke ɖe esia fia be ele be Kristotɔwo natsi nu adɔa?

Sededee Nutsitsidɔ Nye Na Kristotɔwoa?

Wode se na Yudatɔwo le Mose ƒe Sea me be ‘woatsi nu adɔ’ zi ɖeka le ƒea me le Avuléŋkeke dzi. (3 Mose 16:29-31; Psalmo 35:13) Esiae nye nutsitsidɔ si ko ƒe se Yehowa de na eƒe amewo be woawɔ. * Yudatɔ siwo nɔ Mose ƒe Sea te la awɔ ɖe sedede ma dzi godoo. Gake womebia tso Kristotɔwo si be woawɔ Mose ƒe Sea dzi o.—Romatɔwo 10:4; Kolosetɔwo 2:14.

Togbɔ be Yesu tsi nu dɔ kpɔ abe ale si Sea bia ene hã la, menye nu si wòtsɔ ɖo dɔe o. Egblɔ ale si eƒe nusrɔ̃lawo awɔ nui ne wotiae be yewoatsi nu adɔ la na wo, gake mede se na wo kpɔ be woatsi nu adɔ gbeɖe o. (Mateo 6:16-18; 9:14) Ke nu ka tae Yesu gblɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo atsi nu adɔ le yeƒe ku megbe? (Mateo 9:15) Menye sededee esia nye o. Yesu ƒe nyawo fia ko be ne ye ku la, yeƒe nusrɔ̃lawo axa nu vevie eye nuɖuɖu madzro wo ɣemaɣi o.

Biblia me nuŋlɔɖi eve siwo ƒo nu tso Kristotɔ gbãtɔawo ƒe nutsitsidɔ ŋu la ɖee fia be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe eŋu ne ame aɖe tiae be yemaɖu nu o hena ɣeyiɣi aɖe le susu nyui aɖewo ta. (Dɔwɔwɔwo 13:2, 3; 14:23) * Menye sededee wònye na Kristotɔwo be woatsi nu adɔ o. Ke hã, ele be ame si tiae be yeatsi nu adɔ la nakpɔ nyuie le eŋutifɔku aɖewo ŋu.

Kpɔ Nyuie Le Afɔkuawo Ŋu

Afɔku siwo wòle be woaƒo asa na le nutsitsidɔ me dometɔ ɖekae nye ɖokuiŋudzedze. Biblia xlɔ̃ nu tso “alakpaɖokuibɔbɔ” ŋuti. (Kolosetɔwo 2:20-23) Kpɔɖeŋu si Yesu wɔ tso Farisitɔ dadala si bu eɖokui ame dzɔdzɔe wu ame bubuwo le esi wòtsia nu dɔna enuenu ta ŋu la ɖee fia kɔtɛ be Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe nɔnɔme ma ŋu o.—Luka 18:9-14.

Masɔ hã be ame naɖe gbeƒãe be yetsia nu dɔna loo alo atsi nu adɔ le esi ame bubu bia tso esi be wòawɔe ta o. Yesu xlɔ̃ nu le Mateo 6:16-18 be ele be ame ƒe nutsitsidɔ nanɔ ɣaɣla, wòanɔ woa kple Mawu ko dome, eye mele be woagblɔe na ame bubuwo o.

Mele be ame aɖeke nasusui gbeɖe be nutsitsidɔ atsyɔ nu yeƒe nu vɔ̃wo dzi o. Hafi ame aɖe ƒe nutsitsidɔ nadze Mawu ŋu la, ele be wòanye ame si wɔna ɖe eƒe sewo dzi. (Yesaya 58:3-7) Dzimetɔtrɔ vavãtɔ ye nana Mawu tsɔa amewo ƒe nu vɔ̃wo kea wo, ke menye nutsitsidɔ ye o. (Yoel 2:12, 13) Biblia ɖee fia kɔtɛ be Yehowa ƒe amenuveve si wòɖe fia to Kristo ƒe vɔsaa dzi la dzie míato akpɔ míaƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke. Dɔwɔwɔ aɖeke, nutsitsidɔ gɔ̃ hã, mate ŋu ana míadze na tsɔtsɔke o.—Romatɔwo 3:24, 27, 28; Galatiatɔwo 2:16; Efesotɔwo 2:8, 9.

Yesaya 58:3 hã ƒo nu tso vodada bubu aɖe si ame geɖe wɔna ŋu. Le Israel viwo gome la, wòsusu be Yehowa nyi nane ƒe fe le yewo ŋu le yewoƒe nutsitsidɔwo ta, abe ɖe woƒe nutsitsidɔa nye dɔmenyonyo na Mawu ene. Wobia be: “Nukaŋuti míetsi nu dɔ, eye mèlé ŋku ɖe eŋu o, míeka hiã mía ɖokui, eye mèdze sii o?” Nenema kee egbea la, ame geɖe susuna be Mawu anyo dɔme na yewo le yewoƒe nutsitsidɔ ta. Negadzɔ gbeɖe be bubumademade Mawu ŋu ƒe nɔnɔme sia si mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o la nage ɖe mía me o!

Ame aɖewo hã susuna be yewoate ŋu ana Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu to fuwɔwɔ yewoƒe ŋutilã to nutsitsidɔ, abidede ame ɖokui ŋu, alo nu siawo tɔgbi dzi. Mawu ƒe Nya la tsi tsitre ɖe nukpɔsusu sia ŋu heɖee fia be “viɖe aɖeke mele” “nuveviwɔwɔ ŋutilã la” ŋu o.—Kolosetɔwo 2:20-23.

Nukpɔsusu Si Da Sɔ

Nutsitsidɔ menye dzizizi o; eye menye nugbegblẽ hã o. Ate ŋu aɖe vi le nɔnɔme aɖewo me nenye be woƒo asa na afɔku siwo ŋu míeƒo nu tso va yi. Ke hã, nutsitsidɔ menye tadedeagu si dzea Mawu ŋu ƒe akpa vevi aɖeke o. Yehowa nye “Mawu dzidzɔtɔ” eye wòdina be ye subɔlawo hã nanye dzidzɔmewo. (1 Timoteo 1:11) Eƒe nya la ŋutɔ gblɔ be: ‘Nu nyui aɖeke meli na wo wu be woaɖu nu, ano nu, eye wòanyo na wo le woƒe agbagbadzedzewo katã me o. Mawu ƒe nunanae.’—Nyagblɔla 3:12, 13.

Ele be míanɔ subɔsubɔm kple dzidzɔ, gake Biblia megblɔ le afi aɖeke kpɔ be nutsitsidɔ nana wokpɔa dzidzɔ o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne numaɖumaɖu agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋu alo ana ŋusẽ manɔ mía ŋu hena dzidzɔdɔ si mía Wɔla la tsɔ de Kristotɔ vavãwo si—si nye gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia—wɔwɔ o la, ekema edze ƒãa be viɖe aɖeke mele eŋu o.

Míeɖatsia nu dɔna alo míetsinɛ dɔna o, mele be míadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo o. Mele be nyaʋiʋli aɖeke nanɔ Kristotɔ vavãwo dome ku ɖe nya sia ŋu o, “elabena Mawu fiaɖuƒe la menye nuɖuɖu kple nunono o, ke boŋ dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa kpakple dzidzɔ le gbɔgbɔ kɔkɔe me boŋ ye.”—Romatɔwo 14:17.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 12 Menye Mawue ɖo Ester ƒe nutsitsidɔ la nɛ o, togbɔ be edze ƒãa be eƒe nutsitsidɔa dze Mawu ŋu hã. Egbea la, eva zu kɔnu na Yudatɔwo be wowɔa Ester ƒe Nutsitsidɔ la doa ŋgɔ na woƒe Purim-Ŋkekenyui la ɖuɖu.

^ mm. 14 Mawunyakpukpui siwo ŋu kakaɖedzi mele o, siwo ƒo nu tso nutsitsidɔ ŋu la dze le Biblia aɖewo me, evɔ nya mawo medze le Helagbe me asinuŋɔŋlɔ Biblia xoxotɔwo me o.—Mateo 17:21; Marko 9:29; Dɔwɔwɔwo 10:30, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La-Le Eʋegbe Me; 1 Korintotɔwo 7:5, King James Version.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 28]

Farisitɔwo ɖea alakpa- ɖokuibɔbɔ fiana le nutsitsidɔ me

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

“Mawu fiaɖuƒe la menye nuɖuɖu kple nunono o, ke boŋ dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa kpakple dzidzɔ”

[Aɖaka si le axa 29]

Ke Nublaɣi Ya Ðe?

Woɖo ŋkeke 40 ƒe Nublaɣi aɖe ɖi be wòanye ŋkuɖoɖo ale si Kristo tsi nu dɔ ŋkeke 40 la dzi. Gake Yesu mede se na eƒe nusrɔ̃lawo kpɔ gbeɖe be woaɖo ŋku yeƒe nutsitsidɔa dzi o, eye kpeɖodzi aɖeke meli be wowɔ nane nenema kpɔ o. Ame aɖewo do susua ɖa be Ŋkeke 40 ƒe Nublaɣi si doa ŋgɔ na Easter, si ŋu kakaɖedzi le be woƒo nu tso zi gbãtɔ lae nye esi dze le Athanasius ƒe lɛta siwo wòŋlɔ le 330 M.Ŋ. me la me.

Esi wònye be Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbee wòtsi nu dɔ, ke menye do ŋgɔ na eƒe ku o ta la, ewɔ nuku be subɔsubɔhawo ƒe Nublaɣia nyea kwasiɖa aɖewo do ŋgɔ na Easter. Ke hã, ŋkeke 40 ƒe nutsitsidɔ le ƒea ƒe gɔmedzedze lɔƒo nye nu si bɔ le blema Babilontɔwo, Egiptetɔwo, kple Helatɔwo dome. Edze ƒãa be woƒe kɔnu siae “Kristotɔwo” hã va xɔ de eme.