Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mawu Da Asi Ðe Srɔ̃ Geɖe Ðeɖe Dzia?

Ðe Mawu Da Asi Ðe Srɔ̃ Geɖe Ðeɖe Dzia?

Exlẽlawo Bia Be

Ðe Mawu Da Asi Ðe Srɔ̃ Geɖe Ðeɖe Dzia?

Ao; srɔ̃ ɖeka ɖeɖe ƒe dzidzenue Mawu ɖo anyi le Eden, afi si srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ yi edzi le. Emegbe Yesu Kristo va te gbe ɖe dzidzenu ma dzi na eyomedzelawo.—1 Mose 2:18-24; Mateo 19:4-6.

Gake ɖe Abraham, Yakob, David, kple Salomo siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli la meɖe srɔ̃ geɖe oa? Nyateƒee, gake alekee Biblia ƒo nu tso ɖoɖo ma ŋu? Eɖee fia be masɔmasɔ kple nɔnɔme sesẽ siwo do mo ɖa le Abraham kple Yakob ƒe ƒomeawo me la tso srɔ̃ geɖe ɖeɖe gbɔ. (1 Mose 16:1-4; 29:18–30:24) Emegbe wova tsɔ se sia si yi na fia ɖe sia ɖe la kpe ɖe Mawu ƒe Sea ŋu be: “Fia nagaɖe srɔ̃ geɖe o, ne eƒe dzi nagatre mɔ o.” (5 Mose 17:15, 17) Salomo gbe wɔwɔ ɖe se sia dzi heɖe nyɔnu 700 sɔŋ na eɖokui! Nublanuitɔe la, Salomo ƒe dzi va tra ɖa tso Yehowa gbɔ vavã, le ŋusẽ gbegblẽ si srɔ̃ geɖe siwo wòɖe kpɔ ɖe edzi ta. (1 Fiawo 11:1-4) Eme kɔ ƒãa be Biblia meƒo nu nyuie aɖeke tso srɔ̃ geɖe ɖeɖe ŋu o.

Ke hã, ame aɖewo abia be nu ka tae Mawu ɖe mɔ ɖe srɔ̃ geɖe ɖeɖe ŋu le eƒe amewo dome mahã? Bu eŋu kpɔ: Ðe nègblẽ xɔmedzraɖonu aɖe si wòhiã be nàɖɔli hafi la ɖi hena ɣeyiɣi aɖe, ɖewohĩ kple susu be eɖeɖeɖa ɣemaɣi masɔ o, alo be made ye dzi oa? Enye nyateƒe be Mawu ƒe mɔwo kple susuwo kɔ boo wu mía tɔ ya. (Yesaya 55:8, 9) Gake míate ŋu anya susu nyui aɖewo siwo ta wòɖe mɔ ɖe srɔ̃ geɖe ɖeɖe ŋu hena ɣeyiɣi aɖe.

Ðo ŋku edzi be Yehowa do ‘dzidzimevi’ aɖe si ava tsrɔ̃ Satana ɖa keŋkeŋ mlɔeba la ŋugbe le Eden. Emegbe wova gblɔ na Abraham be dukɔ gã aɖe adzɔ tso eyama me, eye be Dzidzimevi si ŋugbe wodo la ado tso eƒe dzidzimeviwo me. (1 Mose 3:15; 22:18) Satana ɖoe kplikpaa be yeaxe mɔ na Dzidzimevi ma ƒe dodo. Eya ta eɖoe kplikpaa be yeaɖe blema Israel dukɔa ɖa. Eble Israel dukɔa de nu vɔ̃ wɔwɔ me enuenu kple susu be Mawu nagakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu ahakpɔ wo ta o.

Be Yehowa nakpe ɖe eƒe amewo ŋu be woate ŋu anɔ te ɖe Satana ƒe agbagbadzedze mawo nu la, eɖoa eƒe nyagblɔɖilawo ɖe wo enuenu be woaxlɔ̃ nu wo ne wodi be yewoate ɖe aga tso eƒe dzidzenu dzɔdzɔewo gbɔ. Ke hã, enya do ŋgɔ be yeƒe amewo ada le yeƒe se vevitɔwo, abe trɔ̃subɔsubɔ ene, gɔ̃ hã dzi edziedzi. (2 Mose 32:9) Ne se vevi ma gbegbe dzi wɔwɔ sesẽ na wo la, ke alekee wòanɔ le srɔ̃ geɖe ɖeɖe ƒe se ya gome? Esi Yehowa nya ale si amegbetɔwo wɔa nui nyuie ta la, ekpɔe be ɣeyiɣi mede be yeade se ɖe srɔ̃ geɖe ɖeɖe, si nɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖee nye ema la nu haɖe o. Ne ɖe wòde se ɖe enu ɣemaɣi la, anɔ bɔbɔe na Satana be wòazãe atsɔ able Israel viwo ade nu vɔ̃ wɔwɔ me.

Mawu ƒe mɔɖeɖe ɖe srɔ̃ geɖe ɖeɖe ŋu hena ɣeyiɣi aɖe ɖe vi bubu aɖewo hã. Ewɔe be dukɔa dzi ɖe edzi kabakaba. Dukɔa ƒe agbɔsɔsɔ awɔe be ame aɖewo nanɔ anyi va se ɖe esime Mesia nado. Mɔɖeɖe ɖe srɔ̃ geɖe ɖeɖe ŋu ganye ametakpɔkpɔ aɖe sinu na nyɔnu geɖewo, be woakpɔ ƒome si akpe ɖe wo ŋu wòanɔ dedie le nɔnɔme madeamedziwo me.

Gake ɖo ŋku edzi be menye Yehowa ye ɖo srɔ̃ geɖe ɖeɖe gɔme anyi o. Eɖe mɔ ɖe eŋu hena ɣeyiɣi aɖe ko, eye wòde se siwo akpɔ ame siwo nɔ nɔnɔme ma me la ta. (2 Mose 21:10, 11; 5 Mose 21:15-17) Esi Yehowa va tiae be yeaxe mɔ ɖe srɔ̃ geɖe ɖeɖe nu le esubɔlawo dome la, ezã eya ŋutɔ Via tsɔ gbugbɔ ɖo kpe srɔ̃ɖeɖe ƒe dzidzenu gbãtɔ si wòɖo anyi le Eden la dzi. Eya ta Yesu meda asi ɖe srɔ̃ geɖe ɖeɖe dzi le eyomedzelawo dome o. (Marko 10:8) Esia na nyateƒenya sia me gakɔ ɖe edzi wu be: Mose ƒe Sea nyo le ɣeyiɣi siwo katã me sea nɔ anyi me, gake “Kristo la ƒe se la” ya ganyo wu kura.—Galatiatɔwo 6:2.