Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbɔgbɔ Kɔkɔe La Ŋusẽ Aɖe Si Nèhiã Le Wò Agbe Me

Gbɔgbɔ Kɔkɔe La Ŋusẽ Aɖe Si Nèhiã Le Wò Agbe Me

Gbɔgbɔ Kɔkɔe La Ŋusẽ Aɖe Si Nèhiã Le Wò Agbe Me

“MEGATSƆM ƒu gbe le ŋkuwò me o, eye megaxɔ wò gbɔgbɔ kɔkɔe la le asinye o!” (Psalmo 51:13) Aleae Fia David do gbe ɖa tso dzi me le nu vɔ̃ gã aɖe wɔwɔ vɔ megbe.

Gbɔgbɔ kɔkɔea wɔ dɔ ɖe David dzi hena ɣeyiɣi didi aɖe. Le eƒe ƒewuiwo me la, ekpe ɖe eŋu wòte ŋu ɖu Goliat, si nye asrafo kako dziŋɔ aɖe la, dzi. (1 Samuel 17:45-50) Eʋãe hã wòkpa ha vivitɔwo kekeake siwo li la dometɔ aɖewo. David gblɔ be: “Yehowa ƒe gbɔgbɔ ƒo nu to dzinye, eye eƒe nya le nye aɖe dzi.”—2 Samuel 23:2.

Yesu Kristo ŋutɔ lɔ̃ ɖe edzi be gbɔgbɔ kɔkɔea wɔ akpa vevi aɖe le David ƒe agbe me. Ɣeaɖeɣi la, Yesu gblɔ na ame siwo nɔ to ɖomee la be: “David ŋutɔ gblɔ to gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi be: ‘Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ be: “Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusi me, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo ade wò afɔ te.”’” (Marko 12:36; Psalmo 110:1) Yesu nya be gbɔgbɔ kɔkɔea ye ʋã David wòŋlɔ eƒe psalmoawo. Ðe gbɔgbɔ kɔkɔe ma gali akpe ɖe míawo hã ŋua?

“Minɔ Ebiabia Dzi, Eye Woana Mi”

Ðewohĩ gbɔgbɔ maʋã wò nàŋlɔ psalmowo ya o. Gake ate ŋu adzɔ be nàdo go mɔxeɖenu siwo asesẽ abe ŋutsu dzɔtsu Goliat ene. Le kpɔɖeŋu me, bu Isabel ŋu kpɔ. * Srɔ̃a gbee heɖaɖe nyɔnu bubu. Egblẽe ɖe fe me, eye menaa gakpekpeɖeŋu aɖekee hena vianyɔnuvi eveawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ o. Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be ena metsi asi, eye wòɖi gbɔm ale gbegbe. Ke hã, tso esime wògblẽm ɖi la, mekpɔe be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea lém ɖe te.”

Ðe Isabel nɔ mɔ kpɔm be gbɔgbɔ kɔkɔea ŋutɔ akpɔ ŋusẽ ɖe ye dzi le eɖokui sia? Ao, ke boŋ ɖe wòƒoa koko na Mawu gbe sia gbe be wòana eƒe gbɔgbɔ la ye. Enya be yehiã Mawu ƒe ŋusẽdodo bene yeate ŋu alé dzi ɖe ƒo, akpɔ ye viwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ, ahakpɔ gbɔdzɔe tso ale si yeƒe dzi gbã gugugu la me. Ena Yesu ƒe nya siawo de dzi gbɔ nɛ be: “Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔe; minɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi.”—Mateo 7:7.

Roberto hã do go kuxi aɖe si na wòkpɔe be yehiã Mawu ƒe gbɔgbɔ la. Atama kple atikevɔ̃ɖi zazã zu numame nɛ. Edze agbagba vevie hena ƒe eve sɔŋ be yeaɖu numame gbegblẽ sia dzi, gake edo kpo nu zi gbɔ zi geɖe. Roberto ɖe nu me be: “Ɣesiaɣi si nète kpɔ be yeadzudzɔ atikevɔ̃ɖi siawo zazã la, wò ametia katã nàde vovo ge ado kpoe. Woanɔ dzrowòm vevie tso ŋkeke yi ŋkeke.”

Roberto yi edzi be: “Gake meɖoe kplikpaa be makɔ ɖokuinye ŋu bene masubɔ Mawu le mɔ si dzea eŋu nu. Medzea agbagba be mana Biblia me nya nyuiwo naxɔ nye susu me. Medoa gbe ɖa vevie gbe sia gbe biaa Mawu be wòado ŋusẽm makɔ ɖokuinye ŋu. Menyae be nyemate ŋu akpɔ dzidzedze le ɖokuinye si o. Eye mekpɔ ale si Yehowa ɖo nye gbedodoɖawo ŋui, vevietɔ ne dzi ɖe le ƒonye vevie ɣesiaɣi si megado kpo nu. Meka ɖe edzi be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea doa ŋusẽm; eƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee la, nyemate ŋu aɖu nye numame gbegblẽa dzi gbeɖe o.”—Filipitɔwo 4:6-8.

“Woɖɔa Li Fu Abe Hɔ̃ Ene”

Abe ale si wònɔ le Isabel kple Roberto gome ene la, Yehowa Ðasefo miliɔn geɖe siwo le xexea me la kpɔ ale si gbɔgbɔ kɔkɔe la kpɔ ŋusẽ nyui ɖe woƒe agbe dzii. Yehowa ƒe dɔwɔŋusẽ la—ŋusẽ si wòtsɔ wɔ xexe gbahoo la—ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò hã dziwò ne wò ŋutɔ èdi. Mawu di vevie eye wòle klalo hã be yeana yeƒe gbɔgbɔ la wò ne èbiae kutrikukutɔe. Gake hafi nàxɔ gbɔgbɔ ma la, ehiã be nànya nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu ahadze agbagba awɔ eƒe lɔlɔ̃nu tso dzi blibo me.—Yesaya 55:6; Hebritɔwo 11:6.

Gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu ado ŋusẽ wò nàsubɔ Mawu le mɔ si dzea eŋu nu eye nàkpe akɔ kple nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe si nàdo goe le agbe me la dzidzedzetɔe. Kakaɖedzi siae Biblia na mí be: ‘Yehowa naa lãmesesẽ ame siwo ŋu ɖeɖi te, eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo. Ŋusẽ yeye ɖoa ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa la ŋu, woɖɔa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua du metia wo o, wozɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.’—Yesaya 40:28-31.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

‘Medoa gbe ɖa vevie gbe sia gbe biaa Mawu be wòado ŋusẽm. Menyae be nyemate ŋu akpɔ dzidzedze le ɖokuinye si o. Eye mekpɔ ale si Yehowa ɖo nye gbedodoɖawo ŋui’

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

GBƆGBƆ KƆKƆE LA ƑE DƆWƆWƆ

Mawu zã gbɔgbɔ kɔkɔe la tsɔ wɔ anyigba la kple xexe gbahoo bliboa katã. Hakpala la do ɣli gblɔ be: “Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Èwɔ wo katã le nunya me; anyigba yɔ fũ kple wò nuwɔwɔwo. Ne èɖo wò gbɔgbɔ ɖa la, wodzɔna.”—Psalmo 104:24, 30; 1 Mose 1:2; Hiob 33:4.

Gbɔgbɔ kɔkɔe la ʋã mawumemewo woŋlɔ Biblia. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo.” (2 Timoteo 3:16) Yehowa ƒe gbɔgbɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe Biblia ŋlɔlawo ƒe susuwo dzi ale be woŋlɔ “Mawu ƒe nya la” ɖi.—1 Tesalonikatɔwo 2:13.

Gbɔgbɔ kɔkɔe la kpɔ ŋusẽ ɖe Mawu subɔlawo dzi wogblɔ etsɔme ɖi pɛpɛpɛ. Apostolo Petro ɖe nu me be: “Ŋɔŋlɔ la me nyagblɔɖi aɖeke metso ame ŋutɔ ƒe gɔmeɖeɖe gbɔ o. Elabena nyagblɔɖi aɖeke metso ame ƒe lɔlɔ̃nu me ɣeaɖekeɣi kpɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã amewo wogblɔ Mawu ƒe nyawo ɖi.”—2 Petro 1:20, 21; Yoel 2:28.

Gbɔgbɔ kɔkɔe la kpe ɖe Yesu kple xɔsetɔ bubuwo ŋu woɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia hewɔ nukunuwo. Yesu gblɔ be: “Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena esi ami nam be magblɔ nya nyui na ame dahewo, edɔm ɖa be maɖe gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo kple nukpɔkpɔ ake na ŋkuagbãtɔwo.”—Luka 4:18; Mateo 12:28.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

MƆ SIWO NU GBƆGBƆ KƆKƆEA ATE ŊU AKPE ÐE MÍA ŊU LE

Gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu ado ŋusẽ wò nàɖu tetekpɔwo kple numame gbegblẽwo dzi. Apostolo Paulo gblɔ be: “Nyateƒetɔe Mawu nye, eye maɖe mɔ be woate mi kpɔ wu esi nu miate ŋu anɔ te ɖo o, ke hã, ne tetekpɔa va la, ana mɔ si dzi miato ado le eme la mi, bene miate ŋu ado dzi atsɔe.”—1 Korintotɔwo 10:13.

Gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtu mawumenɔnɔme nyuiwo ɖo. “Gbɔgbɔ la ƒe kutsetse ye nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ, xɔse, tufafa, ɖokuidziɖuɖu.” —Galatiatɔwo 5:22, 23.

Gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu ado ŋusẽ wò nàdo dzi le nɔnɔme sesẽwo me. “Le nuwo katã gome la, mekpɔa ŋusẽ tso ame si doa ŋusẽm la gbɔ.”—Filipitɔwo 4:13.