Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yesu Ƒe Tsitretsitsia Ana Amewo Nakpɔ Agbe Mavɔ!

Yesu Ƒe Tsitretsitsia Ana Amewo Nakpɔ Agbe Mavɔ!

MENYE blemanudzɔdzɔ dzro aɖe si ŋu viɖe boo aɖeke mele na mí egbea o lae Yesu ƒe tsitretsitsia nye o. Apostolo Paulo he susu yi eƒe vevienyenye dzi esi wòŋlɔ bena: ‘Wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wònye ame siwo dɔ alɔ̃ le ku me la ƒe kutsetse gbãtɔ. Elabena esi wònye ame dzie ku to va ta la, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la hã to ame dzi va. Elabena ale si ko amewo katã kuna le Adam me la, nenema kee woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me.’—1 Korintotɔwo 15:20-22.

Wofɔ Yesu ɖe tsitre le Nisan 16 lia, ƒe 33 Mía Ŋɔli dzi, si nye ƒea ƒe ŋkeke si dzi Yudatɔwo tsɔa kutsetse gbãtɔwo vaa Yehowa Mawu ŋkume le gbedoxɔa me le Yerusalem. Esi Paulo yɔ Yesu be kutsetse gbãtɔ la, ele fiafiam be woava fɔ ame bubuwo hã ɖe tsitre tso ku me.

Nya si Paulo gagblɔ kpee la na viɖe si do tso Yesu ƒe tsitretsitsia me la dze ƒãa. Paulo gblɔ be: “Esi wònye ame dzie ku to va ta la, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la hã to ame dzi va.” Mí katã míekuna le esi míenyi nu vɔ̃ kple blibomademade ƒe dome tso Adam gbɔ ta. Ke hã esi Yesu tsɔ eƒe agbe deblibo la xe fe ɖe ameƒomea ta ta la, eʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na wo be woafɔ wo ɖe tsitre eye woavo tso nu vɔ̃ kple ku si me. Paulo ƒo nya sia ta nyuie le eƒe nya si dze le Romatɔwo 6:23, afi si wògblɔ le be: “Fetu si nu vɔ̃ xena lae nye ku, gake nunana si Mawu nana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu mía Aƒetɔ la dzi.”

Yesu ŋutɔ hã ƒo nu tso ale si eƒe ku kple tsitretsitsia aɖe vi na míi ŋu. Egblɔ tso eɖokui ŋu be: ‘Ele be woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi, bene ame sia ame si xɔa edzi sena la nakpɔ agbe mavɔ. Elabena Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.’—Yohanes 3:14-16.

Wò ya bu eŋu kpɔ ko—agbe tegbee si nuwuwu manɔe na o, si me vevesese, fukpekpe, alo blanuiléle manɔ o! (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Mɔnukpɔkpɔ dodzidzɔname kae nye esi! Agbalẽnyala aɖe gblɔe ale: “Yɔdowo ɖoa ŋku edzi na mí be agbea le kpuie ale gbegbe, ke tsitretsitsia ya naa kakaɖedzi mí be madidi o, ku maganɔ anyi o.” Ɛ̃, Yesu ƒe tsitretsitsia ana amewo nakpɔ agbe mavɔ!