Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 DZEÐOÐO KPLE AƑELIKA

Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo?

Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo?

Na míakpɔ ale si Yehowa Ðasefowo ɖoa dze kple amewoe la ƒe kpɔɖeŋu aɖe ɖa. Tsɔe be Ðasefo si ŋkɔe nye Fafa va nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Dzigbɔɖi gbɔ le eƒeme.

ALEKE MAWU SENA LE EÐOKUI ME NE MÍELE FU KPEM?

Fafa: Dzigbɔɖi, edzɔ dzi nam ŋutɔ be mekpɔ wò le aƒe me. Èfɔ nyuiea?

Dzigbɔɖi: Ɛ̃, mefɔ. Wòe zɔ.

Fafa: Yoo. Esi meva nyitsɔ la, míedzro ale si Mawu sena le eɖokui me ne míele fu kpem la me. * Ègblɔ be tso ɣeaɖeɣi kee yedea ŋugble tso nya sia ŋu, vevietɔ tso esime nu vevi wɔ dawò le ʋufɔku aɖe me. Ke aleke dawò ƒe lãmea le fifia?

Dzigbɔɖi: Ɣeaɖewoɣi la, ekana ɖe eme, ɣeaɖewoɣi hã, ekpea fu ŋutɔ. Gake egbea ya, eka ɖe eme nɛ vie.

Fafa: Míeda akpe. Dzidodo le nɔnɔme siawo tɔgbi me mele bɔbɔe kura o.

Dzigbɔɖi: Nyateƒee, mele bɔbɔe o. Mebiaa ɖokuinye ɣeaɖewoɣi be, Va se ɖe ɣekaɣie wòanɔ fu sia kpem?

Fafa: Wò biabiaa medze vɔ̃ o. Ðewohĩ àɖo ŋku edzi be hafi míawu dzeɖoɖoa nu nyitsɔ la, megblẽ nya sia ɖe gbɔwò be nànɔ eŋu bum: Ne ŋusẽ le Mawu si be wòaɖe míaƒe fukpekpewo ɖa la, ke nu ka tae wòɖe mɔ míekpɔtɔ le fu kpem?

Dzigbɔɖi: Ɛ̃, meɖo ŋku edzi.

Fafa: Enyo. Hafi míakpɔ ale si Biblia ɖo nya ma ŋui la, na míaɖo ŋku nu siwo me míedzro la dometɔ ʋɛ aɖewo dzi.

Dzigbɔɖi: Yoo.

Fafa: Le kpɔɖeŋu me, míekpɔe be Mawu subɔla wɔnuteƒe aɖe si nɔ anyi le blema la mese nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li la gɔme o. Ke hã Mawu medo dziku ɖe eŋu le esi wòbia nya ma ta o, eye Mawu megblɔ hã be xɔse mele esi o.

Dzigbɔɖi: Emae nye zi gbãtɔ si mese nya ma.

Fafa: Míekpɔe hã be Yehowa Mawu medi kura be yeakpɔ mí míanɔ fu kpem o. Le kpɔɖeŋu me, míekpɔe le Biblia me be esi eƒe dukɔa nɔ fu kpem la, ‘eya hã se veve.’ * Ðe mefaa akɔ na mí ŋutɔ be míanyae be Mawu sea veve ɖe mía nu ne míele fu kpem oa?

Dzigbɔɖi: Ɛ̃, nenemae.

Fafa: Eye míelɔ̃ ɖe edzi hã be esi ŋusẽ geɖe le mía Wɔlaa si ta la, edze ƒãa be ŋutete le esi be wòaɖe míaƒe fukpekpewo ɖa enumake.

Dzigbɔɖi: Nya ma gɔmee nyemesena o. Nu ka tae Mawu ɖe mɔ míele fu siawo katã kpem nenye be ŋusẽ le esi be wòaɖe wo ɖa hafi?

AME KAE LE NYATEƑE TOM?

Fafa: Azɔ míate ŋu akpɔ ale si Biblia ɖo wò nyabiasea ŋui la le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me. Meɖe kuku, ènya Adam kple Xawa kpakple atikutsetse si Mawu gblɔ be woagaɖu o la ƒe ŋutinyaa nyuiea?

 Dzigbɔɖi: Ɛ̃, mesrɔ̃ ŋutinya ma le Kwasiɖagbe mawunyasrɔ̃suku. Mawu gblɔ be woagaɖu ati aɖe ƒe tsetse o, gake wosẽ to eye woɖui.

Fafa: Nenemae. Azɔ, na míadzro nu siwo dzɔ hafi Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃ la me. Nudzɔdzɔ mawo gɔme sese akpe ɖe mía ŋu míase nu si tae míele fu kpem ɖo la gɔme. Meɖe kuku, àdi be yeaxlẽ Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 3, kpukpui 1 va se ɖe 5 na mía?

Dzigbɔɖi: Faa. Afi ma gblɔ be: “Ke da dze aye wu gbemelã, siwo katã Yehowa Mawu wɔ la, eye wògblɔ na nyɔnu la bena: ‘Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse aɖeke o mahã?’ Nyɔnua ɖo ŋu na da la be: ‘Míeɖua abɔmetiawo ƒe tsetse faa; ke Mawu gblɔ le ati, si le abɔa titina la ƒe tsetse ŋuti bena: “Migaɖu eƒe ɖeke o, eye migaka asi eŋu hã o, be miagaku o!”’ Eye da la gblɔ na nyɔnua bena: ‘Miele kuku ge akpɔ o; ke boŋ Mawu nyae bena, gbe si gbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.’”

Fafa: Akpe na wò. Na míadzro mawunyakpukpui siawo me vie. Gbã la, de dzesii be da aɖe ƒo nu na Xawa. Biblia ƒe akpa bubu gblɔ be Satana Abosam ye nɔ nu ƒom nɛ to daa dzi. * Satana bia nya aɖe Xawa tso se si Mawu de ku ɖe abɔmetiawo dometɔ ɖeka ŋu la ŋu. Ède dzesi nu si Mawu gblɔ be adzɔ ɖe Adam kple Xawa dzi ne woɖu atikutsetsea?

Dzigbɔɖi: Egblɔ be woaku.

Fafa: Nenemae. Azɔ de dzesi ale si Satana tsɔ nya ɖe Mawu ŋu vevie le nya si wògagblɔ kplɔe ɖo la me. Egblɔ be: “Miele kuku ge akpɔ o.” Satana nɔ gbɔgblɔm be Mawu nye alakpatɔ!

Dzigbɔɖi: Nyemese nya sia gɔme alea kpɔ o.

Fafa: Gakpe ɖe eŋu la, esi Satana tso Mawu nu be enye alakpatɔ la, esia fɔ nya vevi aɖe si gbɔ kpɔkpɔ axɔ ɣeyiɣi geɖe la ɖe te. Èse nu si tae la gɔmea?

Dzigbɔɖi: Hũu. Nyemeka ɖe edzi o.

Fafa: Enyo, ɖewohĩ mate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale. Tsɔe be gbe ɖeka la, meva gblɔ na wò be ŋusẽ le ŋunye wu wò. Aleke nàɖee afia be ŋusẽ le ye ŋu wum?

Dzigbɔɖi: Magblɔ be míawɔ dodokpɔ aɖe.

Fafa: Wò nya le eme. Ðewohĩ míatia nu kpekpe aɖe eye míakpɔe ɖa be mía dometɔ kae ate ŋu akɔe hã. Le nyateƒe me la, ele bɔbɔe be woakpɔ ame si si ŋusẽ le wu la adze sii enumake.

Dzigbɔɖi: Wò nyaa me le kɔkɔm.

Fafa: Ke ne ɖe megblɔ be meɖia anukware wu wò ɖe? Nya sia ya gbɔ kpɔkpɔ asesẽ ŋutɔ, alo?

Dzigbɔɖi: Ɛ̃, mexɔe se be manɔ bɔbɔe o.

Fafa: Eme kɔ ƒãa, elabena womate ŋu awɔ dodokpɔ bɔbɔe aɖe, abe nu kpekpe kɔkɔ ene, atsɔ anya mía dometɔ si ɖia anukware wu o.

Dzigbɔɖi: Nyateƒee.

Fafa: Mɔ si ko dzi míato akpɔ nyaa gbɔe nye be míaɖe mɔ ɣeyiɣi geɖe nava yi ale be amewo nalé ŋku ɖe mí ame evea ŋu ahakpɔe ɖa be mía dometɔ kae ɖia anukware wu hã.

Dzigbɔɖi: Wò nyaa me kɔ.

Fafa: Azɔ na míagalé ŋku ɖe ŋutinya si le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me ŋu kpɔ. Ðe Satana gblɔ be ŋusẽ le ye si wu Mawua?

Dzigbɔɖi: Ao.

Fafa: Ne nenemae la, anye ne Mawu ɖee fia enumake be ŋusẽ le ye si wui. Le ema teƒe la, ɖe Satana ƒu asi akɔ be yeɖia anukware wu Mawu. Nya si gblɔm wònɔ na Xawae nye be, ‘Alakpae Mawu da na wò, ke nyee le nyateƒe tom na wò.’

Dzigbɔɖi: Alea boŋue nyaa lea?

Fafa: Ɛ̃. Eye esi Mawu ƒe nunya de ŋgɔ ta la, enyae be mɔ nyuitɔ si dzi yeato akpɔ nya ma gbɔe nye be yeaɖe mɔ ɣeyiɣi geɖe nava yi. Eye mlɔeba, ame sia ame ava nya ame si le nyateƒe tom kple ame si le aʋatso kam.

NYA VEVI AÐE FƆ ÐE TE

Dzigbɔɖi: Gake esi Xawa ku la, ɖe esia meɖo kpe edzi be Mawue le nyateƒe tom oa?

 Fafa: Magblɔ be ɛ̃, eɖo kpe edzi le mɔ aɖe nu. Gake Satana ƒe gbetɔamea fɔ nya aɖe si gale vevie wu la ɖe te. Meɖe kuku, galé ŋku ɖe kpukpui 5 lia ŋu ake. Èkpɔ nya si Satana gagblɔ na Xawa?

Dzigbɔɖi: Ɛ̃, egblɔ nɛ be ne eɖu atikutsetsea la, eƒe ŋkuwo laʋu.

Fafa: Nenemae, eye egblɔ hã be anɔ “abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.” Eya ta Satana tso Mawu nu be ele nu nyui aɖe tem amegbetɔwo.

Dzigbɔɖi: Ɛ̃ɛe?

Fafa: Esia hã ganye ŋkubiãnya bubu.

Dzigbɔɖi: Nu ka ta?

Fafa: Satana to nya mawo dzi nɔ gbɔgblɔm na Xawa be eme anyo nɛ wu ne egbe Mawu ƒe dziɖuɖu. Nya sia va ka amegbetɔwo katã. Eye le nya sia hã gome la, Yehowa nyae be mɔ nyuitɔ si dzi yeato akpɔ egbɔe nye be yeaɖe mɔ na Satana be wòaɖo kpe nya si wògblɔ la dzi. Esia wɔe be Mawu ɖe mɔ be Satana naɖu xexea dzi hena ɣeyiɣi aɖe. Esia ɖe nu si tae míele fu siawo katã kpem ɖo la me—elabena Satanae nye xexe sia dziɖula, ke menye Mawu ye o. * Ke hã nya nyui aɖe li.

Dzigbɔɖi: Eyae nye nya ka?

Fafa: Biblia gblɔ nyateƒenya wɔdɔɖeamedzi eve siawo tso Mawu ŋu. Gbãtɔe nye be, Yehowa megblẽa mí ɖi ne míele fu kpem o. Le kpɔɖeŋu me, bu Fia David ƒe nya si dze le Psalmo 31:8 ŋu kpɔ. David kpe fu geɖe le agbe me, gake kpɔ nya si wògblɔ na Mawu le gbedodoɖa me ɖa. Àdi be yeaxlẽ mawunyakpukpui ma?

Dzigbɔɖi: Ɛ̃. Afi ma gblɔ be: “Matso aseye, eye dzi adzɔm le wò amenuveve ŋuti, le esi nèkpɔ nye hiã, eye nèlé ŋku ɖe nye luʋɔ ƒe xaxa ŋu ta.”

Fafa: Eya ta togbɔ be David kpe fu geɖe hã la, efa akɔ nɛ esi wònya be Yehowa nya fu siwo katã kpem yele. Ðe nyanya be Yehowa nya nu sia nu, eye be esea míaƒe vevesese siwo gɔme amegbetɔwo mate ŋu ase bliboe o la gɔ̃ hã gɔme nyuie la mefa akɔ na wò oa?

Dzigbɔɖi: Ɛ̃, efa akɔ nam.

Fafa: Nyateƒenya eveliae nye be Mawu maɖe mɔ míanɔ fu kpem tegbee o. Biblia gblɔ be Mawu le Satana ƒe dziɖuɖua ɖe ge ɖa kpuie. Eye aɖɔ nu siwo katã wògblẽ le amegbetɔwo ŋu la ɖo keŋkeŋ, nu siwo wògblẽ le mia kple dawò si le fu kpem ŋu la hã le eme. Meɖe kuku, àdi be matrɔ ava le kwasiɖa si gbɔna me ne míadzro nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be eteƒe madidi o, Mawu aɖe fukpekpewo katã ɖa la mea? *

Dzigbɔɖi: Ɛ̃, manɔ mɔ kpɔm na wò.

Ðe Biblia ƒe nufiafia aɖewo gɔme sese sesẽna na wòa? Ðe Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔse alo woƒe subɔsubɔnuwɔna aɖe li si gɔme nàdi be yeasea? Ne wò ŋuɖoɖoa nye ɛ̃ la, ekema míade dzi ƒo na wò be nàte ɖe wo dometɔ ɖeka ŋu faa. Adzɔ dzi na wo be yewoadzro eme kpli wò.

^ mm. 7 Kpɔ nyati si nye “Dzeɖoɖo Kple Aƒelika—Ðe Mawu Tsɔ Ðe Le Míaƒe Fukpekpewo Mea?” si dze le magazine sia ƒe July 1, 2013 tɔ me.

^ mm. 61 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 9 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae.