Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 AGBEMEŊUTINYA

Mekpɔ Yayra Geɖe Le Mawu Subɔsubɔ Me

Mekpɔ Yayra Geɖe Le Mawu Subɔsubɔ Me

Tso nye ɖevime ke la, amewo lé fum le to si me metso ta, eye vɔvɔ̃ be mava do kpo nu le agbe me wɔe be dzi menɔa ƒonye o. Esi mesusui be makpɔ akɔfafa le Biblia me ta la, medea Katoliko sɔleme si le míaƒe nutoa me kple susu be woakpe ɖe ŋunye mase Biblia gɔme. Esi womete ŋu kpe ɖe ŋunye o ta la, metsɔe na kamedede.

Eteƒe medidi o, meƒo ɖokuinye ɖe kamedefefewo kple gakpokɔkɔ me. Mlɔeba, meva ʋu kamedeƒe aɖe le San Leandro, California, U.S.A. (Amerika), eye mía kple gakpokɔlawo míewɔa dɔ; wo dometɔ ɖeka xɔ dziɖuɖufetu si woyɔna be Mr. America (Aƒetɔ Amerika). Togbɔ be meƒo ɖokuinye ɖe gakpokɔkɔ me be nye lãmeka kple lãkusiwo natri kpotoo hã la, nyemeke ɖe nu si dim mele ŋu o.

MEKE ÐE NU SI DIM MELE ŊU AZƆ

Xɔ̃nye aɖe si mía kplii míewɔa dɔ la doe ɖa be yeana ame aɖe nasrɔ̃ Biblia kplim esi wònya be medi vevie be mase Biblia gɔme ta. Le ŋufɔke la, Yehowa Ðasefo aɖe va nye aƒe me. Enɔ nye nyawo ŋu ɖom nam tso Biblia me tẽe gaƒoƒo ene sɔŋ. Mebia tso esi be wòatrɔ ava le fiẽ me ne míayi dzeɖoɖoa dzi, eva, eye míeyi dzeɖoɖoa dzi va se ɖe zãtiƒe ke. Nu si mesrɔ̃ la do dzidzɔ nam ŋutɔ, eya ta mebiae be ne ŋu ke la, ɖe mate ŋu akplɔe ɖo aɖakpɔ ale si wòɖea gbeƒãe mahã. Ale si wòtea ŋu tsɔa Biblia ɖoa nya ŋu na amewo la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Enumake megblɔ na ɖokuinye be nu sia tututue medi be mawɔ!

Eya ta medzra nye dɔwɔƒea eye mekplɔa mɔɖela sia, si nye ale si woyɔa Yehowa Ðasefo siwo ɖea gbeƒã ɣeyiɣiawo katã la, ɖo míeɖa kakaa nya nyuia. Mexɔ nyɔnyrɔ le May 1948 me, le takpekpe aɖe si wowɔ le Cow Palace Fefewɔƒea le San Francisco, California, la me. Nye hã meva zu mɔɖela le ƒea ƒe nuwuwu lɔƒo.

Ɣemaɣi la, megblɔ na Ðasefowo be woayi aɖa ɖe gbeƒã na danye. Exɔ nya nyuia, eye eteƒe medidi o, eya hã va zu Yehowa Ðasefo. Togbɔ be eƒe ƒometɔwo tsi tre ɖe eŋu hã la, eyi edzi wɔ nuteƒe na Mawu ƒe geɖe va se ɖe ku me. Míaƒe ƒometɔ bubu aɖeke meva zu Ðasefo o.

MEDO GO NYƆNU SI MEVA ÐE

Le ƒe 1950 me la, meʋu yi Grand Junction, Colorado, eye afi mae medo go Billie le. Wodzii le ƒe 1928 me esime Ganyawo ƒe Sesẽ Gã la do mo ɖa. Dadaa, Minnie, xlẽa Biblia nɛ zã sia zã le kaɖigbɛ nu. Esi Billie xɔ ƒe ene la, enya nu xexlẽ eye wòtea ŋu gblɔa Biblia ŋutinya geɖe tso susu me. Le ƒe 1940 ƒeawo ƒe nuwuwu lɔƒo la, Ðasefowo fia dadaa be menye funyafunyawɔƒee hell (enfer) nye o, ke boŋ nya sia fia yɔdo. (Nyagblɔla 9:5, 10) Esia megbe la, Minnie kple srɔ̃a siaa va zu Yehowa Ðasefowo.

Le ƒe 1949 me la, Billie wu sukudede nu le Boston hetrɔ gbɔ va aƒe me, eye wòva do vevie Biblia sɔsrɔ̃. Togbɔ be mɔnukpɔkpɔ su esi be wòanye nufiala hã la, etiae be yeawɔ subɔsubɔdɔ na Mawu le yeƒe agbe me. Exɔ nyɔnyrɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le Yankee Stadium, New York, le ƒe 1950 me la me. Esia megbe kpuie la,  míedo go mía nɔewo eye míeɖe srɔ̃, eye míetsɔ mía ɖokui ƒo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe.

Míesubɔ ɖekae le Eugene, Oregon, eye míedze xɔlɔ̃ vavã geɖewo. Le ƒe 1953 me la, míeʋu yi Grants Pass, Oregon, be míakpe ɖe hame sue si le afi ma ŋu. Le ƒea ƒe nuwuwu lɔƒo la, wokpe mí be míava de Gilead Suku ƒe klass 23 lia. Enye suku si me Yehowa Ðasefowo naa hehe dutanyanyuigblɔlawo le, le teƒe aɖe si gogo South Lansing, New York, le New York City ƒe dzieheɣetoɖoƒe gome abe kilometa 400 ene.

DUTANYANYUIEGBƆGBLƆDƆA LE BRAZIL

Le December 1954 me, si nye ɣleti atɔ̃ le míaƒe Gilead Sukua nuwuwu megbe la, nye kple Billie míeɖo yameʋu ɖo ta Brazil. Esi míedze mɔ yina abe gaƒoƒo ɖeka ene la, yameʋua ƒe mɔ̃ eveawo dometɔ ɖeka gblẽ, gake míeyi ɖadze ɖe Bermuda dedie. Kuxi aɖe gava do mo ɖa le mɔa dzi, si wɔe be yameʋua va dze ɖe Cuba kpata. Gake míeɖo ʋu yi mɔzɔzɔa dzi gaƒoƒo 36 sɔŋ; ɖeɖi te mía ŋu ale gbegbe, ke hã míeva ɖo Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Rio de Janeiro, Brazil la mlɔeba.

Teƒe si míehaya wònye Fiaɖuƒe Akpata gbãtɔ le Bauru kple ʋuƒo si dzi meŋlɔ eƒe ŋkɔ ɖo, le ƒe 1955 me

Esi míenɔ afi ma vie vɔ la, mía kple Billie kpakple dutanyanyuigblɔla eve bubuwo míedzo yi Bauru, São Paulo, be míaɖawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le afi ma. Ame 50,000 kple edzivɔwoe nɔ du ma me, eye míawoe nye Ðasefo gbãtɔ siwo yi afi ma.

Míedze egɔme nɔ amewo gbɔ yim le woƒe aƒewo me, gake Katoliko nunɔla si le nutoa me la tsi tsitre ɖe míaƒe dɔa ŋu enumake. Enɔ mía yome henɔ gbɔgblɔm na amewo be woagaɖo to mí o. Gake le kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko me la, ƒome gã aɖe xɔ Biblia me nyateƒea eye wova xɔ nyɔnyrɔ emegbe. Esia megbe kpuie la, ame bubuwo hã dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme.

Ƒome gã si xɔ nyateƒea la ƒe ƒometɔ aɖe nye habɔbɔ xɔŋkɔ aɖe ƒe amegã. Mewɔ ɖoɖo be míawɔ takpekpe le habɔbɔ ma ƒe takpexɔ me. Esi nutoa me nunɔlaa ƒoe ɖe wo nu be woagatsɔ woƒe takpexɔa ana mí o la, habɔbɔa ƒe amegãa ƒo habɔbɔa me tɔwo nu ƒu hegblɔ na wo be: “Ne miegbe be míagatsɔ takpexɔa ana wo o la, ke maɖe asi le dɔa ŋu!” Eya ta woɖe mɔ na mí be míawɔ takpekpea.

Le ƒe si kplɔe ɖo, si nye ƒe 1956 me la, wokpe mí be míayi nutome gã takpekpe si woawɔ le Santos, São Paulo. Ðasefo 40 kloe ye tso míaƒe hamea me ɖo keteke yi takpekpe ma. Esi míegbɔ va Bauru la, mexɔ lɛta aɖe si me wode dɔ asi nam be manye dzikpɔla mɔzɔla eye manɔ Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo srãm kpɔ. Aleae wòdzɔe be medze dɔ sia si mewɔ ƒe 25 sɔŋ le Brazil la gɔme, eye metsa le anyigba gã ma ƒe akpa geɖe.

Le ƒe ɖeka pɛ ko me la, míekpɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖela dovevienu geɖe le Bauru

ALE SI MƆZƆZƆDƆA NƆ

Ɣemaɣi la, mɔzɔzɔ menɔ abe egbe ene o. Míeɖoa bɔs, keteke, kple tasiaɖam yia dukɔa ƒe afi sia afi, eye míedoa gasɔ alo zɔna ɣeaɖewoɣi hã. Du gbãtɔ si me míeyi ɖasrã hame aɖe kpɔ le ye nye Jaú, São Paulo. Nunɔla aɖe tsi tsitre ɖe mía ŋu le afi ma.

Egblɔ na mí be: “Miekpɔ mɔ aɖe gbeƒã na ‘nye alẽwo’ o!”

Míeɖo eŋu nɛ be: “Menye wò alẽwoe wonye o. Mawu tɔwoe wonye.”

Míewɔ ɖoɖo be míaɖe film aɖe si ku ɖe ale si míele gbeƒãɖeɖedɔa wɔm le xexea me godoo la ŋu, si ƒe tanyae nye The New World Society in Action (La Société du Monde Nouveau en action), gake nunɔlaa ƒo amewo nu ƒu be woava dze mía dzi. Míena kpovitɔwo nya enumake. Esi nunɔlaa kple eƒe hameviawo va fefewɔƒea be yewoadze mía dzi la, wokpɔe be kpovitɔ gbogbo aɖewo le tsitre ɖe mɔa nu eye wotrɔ woƒe tuwo ɖe wo dzi. Film la do dzidzɔ na ame gbogbo siwo va kpɔe la ale gbegbe.

Nenema koe wotsi tsitre ɖe mía ŋu helé fu mí le afi sia afi si míeyi ɖasubɔ le ɣemaɣi. Le kpɔɖeŋu me,  míedo go mɔɖela aɖewo siwo ŋu wotsi tsitre ɖo vevie le Brusque, si gogo Blumenau, Santa Catarina. Ke hã woyi edzi do dzi eye viɖe geɖe do tso woƒe veviedodoa me. Ƒe 50 kple edzivɔe nye esi va yi; hame siwo nɔ afi ma la dzi ɖe edzi va ɖo hame 60 kple edzivɔ, eye wole dzidzedze kpɔm nyuie. Wotu Takpexɔ nyui aɖe hã ɖe du si nye Itajaí, si medidi tso afi ma o la me.

Nu si doa dzidzɔ na mí ŋutɔ le míaƒe mɔzɔzɔdɔa mee nye dzidzɔɣi siwo me mía kple mía nɔvi Ðasefowo míewɔa dɔ ɖekae le dzadzraɖo ɖe takpekpe gãwo ŋu me. Le ƒe 1970 ƒeawo me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mesubɔ abe takpekpedzikpɔla ene le takpekpe gã aɖe si wowɔ le Morumbi Bɔlƒoƒea la me. Míeɖo agbalẽ ɖe hame siwo ade alafa ɖeka siwo le nutoa me la be hame ɖe sia ɖe naɖo ame ewo ɖa woava kpe asi ɖe dɔa ŋu míadzra bɔlƒoƒea ɖo le zã si do ŋgɔ na takpekpea me.

Esi bɔlƒolawo nɔ dzodzom le bɔlƒoƒea la, míesee wo dometɔ aɖewo nɔ fewu ɖum le mía ŋu be, “Mikpɔ ɖetugbuivi mawo siwo tsɔ xa kple anyigbatutunuwo ɖe asi va be yewoadzra teƒea ɖo la ɖa.” Ke hã kaka wòaƒo zã ga wuieve la, míedzra bɔlƒoƒe bliboa ɖo wòle dzadzɛ! Bɔlƒoƒea dzi kpɔla do ɣli gblɔ be, “Dɔ si nye amewo tsɔa kwasiɖa blibo ɖeka wɔna lae mi Ðasefowo míewɔ le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko mea!”

MÍETRƆ YI AMERIKA

Fofonye ku le ƒe 1980 me, eye esia megbe kpuie la, míetrɔ yi United States (Amerika) be míaɖakpɔ danye dzi le Fremont, California. Dɔ si míewɔnae nye be míekplɔa dɔwɔƒewo le zã me, si wɔe be míete ŋu yi mɔɖeɖedɔa dzi henɔ Biblia fiam Portugalgbedola siwo nɔ nutoa me. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, míeʋu yi San Joaquin Valley, eye míedi Portugalgbedolawo le nuto gã ma me, tso Sacramento va ɖo keke Bakersfield ke. Fifia, Portugalgbedolawo ƒe hame siwo ade ewo ye le California.

Esi danye ku le ƒe 1995 me megbe la, míeʋu yi Florida ɖakpɔ Billie fofo dzi va se ɖe esime wòku. Dadaa ya ku le ƒe 1975 me. Le ƒe 2000 me la, míeʋu yi nuto si nye dzogbe gã si le Colorado ƒe anyieheɣetoɖoƒe la me eye míeyi subɔsubɔdɔa dzi le afi sia heɖea gbeƒã na Amerika Vidzidzi siwo le Navajo kple Ute nutoawo me la gbe sia gbe. Nublanuitɔe la, Billie ku le February 2014 me.

Ƒe 65 ye nye esia si medo go Yehowa Ðasefo aɖe zi gbãtɔ, eye edzɔ dzi nam ŋutɔ be eɖo biabia gbogbo siwo nɔ asinye la ŋu nam tso Biblia me tẽe! Nu si gado dzidzɔ nam wue nye be nye ŋutɔ medo nya siwo wògblɔ nam la kpɔ hekpɔe be nu siawo tututue Biblia fia. Esia wɔe be mekpɔ yayra geɖe le Mawu subɔsubɔ me.