Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

DZEÐOÐO KPLE AƑELIKA

Nu Ka Tae Wòle Be Nànya Biblia Nyuie?

Nu Ka Tae Wòle Be Nànya Biblia Nyuie?

Na míakpɔ ale si Yehowa Ðasefowo ɖoa dze kple amewoe la ƒe kpɔɖeŋu aɖe ɖa. Tsɔe be Ðasefo si ŋkɔe nye Mensa do go ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Kɔmi le mɔ dzi.

BIBLIA ME ŊUTINYAWO NYE NYATEƑE

Kɔmi: Nye ya nyemedea sɔleme o. Eya ta nyemeka ɖe edzi be míate ŋu aɖo dze tso mawusɔbɔsubɔ ŋu o.

Mensa: Edzɔ dzi nam be egblɔe nam. Gake ŋkɔnyee nye Mensa. Ke wò ɖe?

Kɔmi: Kɔmi.

Mensa: Kɔmi, edzɔ dzi nam be míedo go.

Kɔmi: Nye hã nenema kee.

Mensa: Meɖe kuku, medi be mabia wò be, mawusubɔlawoe wò kple dziwòlawo mienyea?

Kɔmi: Ɛ̃. Gake tso esi meyi kɔledzia, medzudzɔ sɔlemedede.

Mensa: Eme kɔ nam azɔ. Nu kae nèsrɔ̃ le kɔledzia?

Kɔmi: Mesrɔ̃ nu tso ŋutinya kple hadomegbenɔnɔ ŋu. Ŋutinyasɔsrɔ̃ doa dzidzɔ nam ŋutɔ—medina be manya ale si amegbetɔwo nɔ agbeae tso blema ke.

Mensa: Nyateƒee, ŋutinyasɔsrɔ̃ doa dzidzɔ na ame. Ðewohĩ, ènyae be ŋutinyagbalẽe Biblia nye. Èwɔ numekuku tso Biblia ŋu kpɔa?

Kɔmi: Ao. Menyae be agbalẽ nyui aɖee Biblia nye ya, gake nyemebui kpɔ be ŋutinyagbalẽe wònye o.

Mensa: Mekpɔe be èlɔ̃a nu yeyewo sɔsrɔ̃. Ne ɣeyiɣi vi aɖe le asiwòa, adzɔ dzi nam be matsɔ ŋutinya siwo dzɔ ŋutɔŋutɔ, siwo woŋlɔ ɖe Biblia me ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo afia wò.

Kɔmi: Yoo. Gake Biblia mele asinye o.

Mensa: O, mègatsi dzi o. Mate ŋu atsɔe afia wò le nye Biblia me. Kpɔɖeŋu gbãtɔe nye esi dze le Kronika Gbãtɔ, ta 29, kpukpui 26 kple 27. Mawunyakpukpui siawo gblɔ be: “David, Isai vi la, ɖu fia ɖe Israel blibo la dzi. Ɣeyiɣi, siwo wòɖu fia ɖe Israel dzi la, le ƒe blane; eɖu fia le Xebron ƒe adre, eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe blaetɔ̃ vɔ etɔ̃.”

Kɔmi: Nu kae ɖee fia be nya ma nye ŋutinya si dzɔ ŋutɔŋutɔ?

Mensa: Nya lae nye be, ɖeklemiɖelawo ʋli nya ɣeaɖeɣi va yi be Fia David aɖeke menɔ anyi le blema o.

Kɔmi: Nyateƒea? Nu ka tae wogblɔ nya ma?

Mensa: Nu si tae nye be, nu bubu aɖeke meɖo kpe edzi be Fia David nɔ anyi kpɔ to vovo na nya si Biblia gblɔ tso eŋu o. Ke hã, le ƒe 1993 me la, blemaduwo nɔƒe kulawo ƒe ha aɖe va ke ɖe kpe aɖe ŋu le tome, si dzi woŋlɔ nya si gɔme woɖe be “David ƒe aƒe” la ɖo.

Kɔmi: Nukunya kae nye esi!

Mensa: Ame bubu aɖe si ŋu Biblia ƒo nu tsoe, si hã woke ɖi be menɔ anyi ŋutɔŋutɔ o lae nye Pontio Pilato, si nye mɔ́mefia nɔ dzi ɖum esime Yesu nɔ anyigba dzi. Woyɔ eƒe ŋkɔ kpe ɖe dziɖula siwo nɔ anyi ɣemaɣi la ŋu le Luka ta 3, kpukpui 1. Èkpɔea?

Kɔmi: Ɛ̃, mekpɔe. Egblɔ be ‘esi Pontio Pilato le mɔ́mefia ɖum le Yudea, eye Herodes nye dziɖula le Galilea.’

Mensa: Nenemae. Agbalẽnyala aɖewo ke ɖii ƒe geɖe be ame aɖeke menɔ anyi le blema si woyɔ be Pontio Pilato o. Gake anɔ abe ƒe 50 ye nye esi va yi ene la, woke ɖe kpe aɖe ŋu le Asia ƒe Anyieheɣedzeƒe nutowo me, si dzi woɖe eƒe ŋkɔ ɖo.

Kɔmi: Hmm. Nyemese nya siawo kpɔ o.

Mensa: Edo dzidzɔ nam be megblɔ nya siawo na wò.

Kɔmi: Ne mato nyateƒea, menyae be agbalẽ nyui aɖee Biblia nye, eye medea asixɔxɔ eŋu ŋutɔ, gake nyemexɔe se be emenyawo ate ŋu asɔ na mí egbea o. Ŋutinya siwo dzɔ ŋutɔŋutɔ ate ŋu anɔ eme ya, ke hã, nyemesusu be emenyawo ate ŋu aɖe vi na mí o.

BIBLIA NYE BLEMAGBALẼ GAKE EGAÐEA VI NA MÍ EGBEA

Mensa: Nenemae ame geɖe susunɛ. Gake nye ya nyemebui nenema o. Nu si tae nye be: Tso blema ke la, amegbetɔwo ƒe agbemenuhiahiã veviwo metrɔ o. Le kpɔɖeŋu me, míehiã nuɖuɖu, awudodo kple dɔƒe ɣesiaɣi. Eye míedina be míaɖo dze kple mía nɔewo hã; nenema ke míedina be míaƒe ƒomea nakpɔ dzidzɔ. Alo menye nenema ye oa?

Kɔmi: Nyateƒee.

Mensa: Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le go mawo katã me. Eya ta míate ŋu ayɔe be blemagbalẽ si nyo na mí egbea.

Kɔmi: Nya ka tututue nèdi be yeagblɔ?

Mensa: Enyo, na magblɔe ale: Mɔfiame veviwo le Biblia me siwo aɖe vi na mí egbea abe ale si woɖe vi esime woŋlɔ wo ƒe alafa geɖee nye esia ene.

Mɔfiame veviwo le Biblia me siwo aɖe vi na mí egbea abe ale si woɖe vi esime woŋlɔ wo ƒe alafa geɖee nye esia ene

Kɔmi: Enyo. Le mɔ ka nu?

Mensa: Ne míedi be susu nyui nanɔ mía si ɖe ga ŋu, míana míaƒe ƒomea nakpɔ dzidzɔ alo míanye xɔlɔ̃ nyuiwo la, Biblia me mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Ele abe mɔfiagbalẽ ene; efiaa nu si míawɔ be agbea nadze edzi na mí la mí. Le kpɔɖeŋu me, ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be mele bɔbɔe be woanye srɔ̃ŋutsu kple vifofo nyui le míaƒe ŋkeke siawo me oa?

Kɔmi: Ɛ̃, nyateƒee nèto. Anɔ abe ƒe ɖekae nye sia meɖe srɔ̃, eye nye kple srɔ̃nye míetea ŋu lɔ̃na ɖe nya ɖeka dzi ɣesiaɣi o.

Mensa: Nyateƒee, edzɔna alea. Gake mɔfiame vevi aɖewo le Biblia me siwo ɖea vi ŋutɔ. Eƒe kpɔɖeŋu aɖe dze le Efesotɔwo ta 5. Na míaxlẽ kpukpui siwo nye 22, 23, kple 28 lia. Ne èdia, àte ŋu axlẽ wo míase.

Kɔmi: Enyo. Exlẽ be: “Srɔ̃nyɔnuwo nebɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo, abe ale si woabɔbɔ na Aƒetɔ la ene, elabena ŋutsue nye ta na srɔ̃a, abe ale si Kristo la hã nye ta na hame la ene, eye eyae nye ŋutilã sia ɖela.” Eye kpukpui 28 lia gblɔ be: “Alea wòle be srɔ̃ŋutsuwo nanɔ wo srɔ̃wo lɔ̃m abe woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene. Ŋutsu si lɔ̃a srɔ̃a la, elɔ̃a eɖokui.”

Mensa: Akpe na wò. Ðe menye nyateƒe be, ne atsu kple asi siaa dze agbagba wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia ɖeɖe dzaa dzi la, woƒe ƒomegbenɔnɔ anyo ɖe edzi oa?

Kɔmi: Ɛ̃, mexɔe se be ana nuwo naka ɖe eme. Ke hã egbɔgblɔ le bɔbɔe, gake edziwɔwɔe nye nyaa.

Mensa: Nyateƒee; ame aɖeke mede blibo o. Eye le nyateƒe me la, Biblia de dzi ƒo na mí be míanye nugɔmeselawo. * Nugɔmesese na ame hiã le kadodo alo ƒomedodo ɖe sia ɖe me. Nye kple srɔ̃nye míekpɔe be Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míada asɔ le go sia me.

Kɔmi: Susu le eme.

Mensa: Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe aɖe le Yehowa Ðasefowo si, si dzi nàte ŋu akpɔ nyatakakawo le ku ɖe srɔ̃ɖeɖe kple ƒomegbenɔnɔ ŋu. Ne vovo vi aɖe le ŋuwòa, mate ŋu atsɔ nu siwo le Internet nyatakakadzraɖoƒea ƒe ɖewo afia wò.

Kɔmi: Yoo. Ɣeyiɣi vi aɖe le asinye.

Mensa: Enyo ŋutɔ. Internet nyatakakadzraɖoƒea ƒe adrɛs ye nye www.mr1310.com/ee. Eƒe gɔmedzeƒee nye si.

Kɔmi: Ei, enya kpɔ lo!

Mensa: Ale si míewɔa gbeƒãɖeɖedɔae le xexea me godoo la ƒe foto aɖewoe nye esiawo. Ahã, teƒe si mewɔnɛ lae nye si. Akpa sia ƒe tanyae nye “Kpekpeɖeŋu Na Srɔ̃tɔwo Kple Dzilawo.” Àkpɔ nyati kpui vovovowo le tanya sia te; woɖo aɖaŋu tso ale si míakpɔ kuxi vovovowo gbɔe ŋu. Ðe wo dometɔ aɖe do dzidzɔ na wòa?

Kɔmi: Ɛ̃. Eyae nye, “Ale Si Nàkpɔ Wò Srɔ̃ɖeɖemekuxiwo Gbɔ.” Mekpɔe be esia asɔ nam!

Mensa: Nyati sia ƒo nu tso afɔ ene siwo nàɖe atsɔ akpɔ kuxiwo gbɔe ŋu. Kpɔ nya si memama sia gblɔ ɖa. Àdi be yeaxlẽe kpɔa?

Kɔmi: Ɛ̃. Exlẽ be: “Abe ale si ko ame ƒe dzi kple dzitodzito wɔa akpa vevi aɖe be ʋu nasi to lãmekawo me nyuie me ene la, nenema kee lɔlɔ̃ɖeɖefia kple bubu deto dede ame nɔewo ŋu nye nɔnɔme vevi siwo naa dzeɖoɖo ƒe kadodo nyui nɔa srɔ̃tɔwo dome.” Hmm, ale si woɖe nyaa me la do dzidzɔ nam ŋutɔ.

Mensa: Akpe na wò nuxexlẽa. Woyɔ mawunyakpukpui aɖe le afi sia. Ne ènya te asi ɖe edzi koa, emenyawo adze nàxlẽ.

Kɔmi: Ɛ̃, Mekpɔe. Eyae nye Efesotɔwo 5:33. Egblɔ be: “Ke hã, mia dome ŋutsu ɖe sia ɖe hã nelɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene; ke ele be srɔ̃nyɔnu hã nade bubu deto srɔ̃a ŋu.”

Mensa: Ède dzesii be wote gbe ɖe nu si srɔ̃tɔawo dometɔ ɖe sia ɖe ana nɔvia kple nu si wo dometɔ ɖe sia ɖe akpɔ mɔ be yeaxɔ tso ye nɔvia gbɔ la dzia?

Kɔmi: Nyemese eme tututu o.

Mensa: Enyo, ɖe menye nyateƒe be srɔ̃ŋutsu dina be ye srɔ̃ nade bubu ye ŋu oa? Eye ɖe menye nyateƒe be srɔ̃nyɔnu hã dina be ye srɔ̃ naɖo kpe edzi na ye ɣesiaɣi be yelɔ̃ ye vavã oa?

Kɔmi: Ɛ̃. Melɔ̃ ɖe edzi.

Mensa: Ne srɔ̃ŋutsu toa mɔ vovovowo dzi ɖenɛ fiana srɔ̃a ɣesiaɣi be yelɔ̃e la, ɖe esia mana wòanɔ bɔbɔe na srɔ̃a be wòade bubu eŋu oa?

Kɔmi: Mekpɔe be susu nyui aɖee nye ema.

Mensa: Eya ta, mawunyakpukpui sia si woŋlɔ ɖe Biblia me abe ƒe 2,000 kloe ye nye esia ene la ku ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siaa ƒe hiahiãwo ŋu, eye wòɖo aɖaŋu nyui sia si aɖe vi na wo ne wowɔ ɖe edzi. Abe kpɔɖeŋu si míexlẽ va yi ene la, “lɔlɔ̃ɖeɖefia kple bubu deto dede ame nɔewo ŋu” nana srɔ̃ɖeɖe me vivina.

Kɔmi: Azɔ mekpɔe be Biblia ate ŋu aɖe vi geɖe na mí wu ale si mesusui.

Mensa: Wò nyaa do dzidzɔ nam ŋutɔ. Madi be míagado go ake ne míadzro nu si nèsusu tso tanya sue si nye “Afɔ Ene Siwo Nàɖe Le Kuxiwo Gbɔ Kpɔkpɔ Me” ƒe nyawo ŋu la me. Edze le nyati si metsɔ fia wò le míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒea la me. *

Kɔmi: Akpe na wò. Nye kple srɔ̃nye míalé ŋku ɖe eŋu.

Ðe Biblia ƒe nufiafia aɖewo gɔme sese sesẽna na wòa? Ðe Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔse alo woƒe subɔsubɔnuwɔna aɖe li si gɔme nàdi be yeasea? Ne wò ŋuɖoɖoa nye ɛ̃ la, ekema míade dzi ƒo na wò be nàte ɖe wo dometɔ ɖeka ŋu faa. Adzɔ dzi na wo be yewoadzro eme kpli wò.

^ mm. 63 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 14 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae.