Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fukpekpewo bɔ ɖe xexea me, gake Mawu gbɔe wotsoa?

Nya Kae Biblia Gblɔ?

Nya Kae Biblia Gblɔ?

Mawue nana míekpea fua?

Ðe Nàgblɔ Be

  • Ɛ̃

  • Ao

  • Nyemenya oa?

Nya si Biblia gblɔ

“Mawu vavã la mawɔ nu vɔ̃ɖi akpɔ o, eye Ŋusẽkatãtɔ la mawɔ nu gbegblẽ gbeɖe o!” (Hiob 34:10) Menye Mawu gbɔe vɔ̃ kple fukpekpe siwo teƒe kpɔm míele le xexea me la tso o.

Nu bubu kae míate ŋu asrɔ̃ le Biblia me?

  • Satana Abosam si nye “xexea dzi ɖula” gbɔe fukpekpewo tso.—Yohanes 14:30.

  • Nyametsotso gbegblẽ siwo ame aɖewo wɔna hã gbɔe fukpekpe kple vɔ̃ tsona zi geɖe.—Yakobo 1:14, 15.

Ðe fukpekpewo nu ava yia?

Ame aɖewo xɔe se be ne amewo kpe asi ɖe wo nɔewo ŋu la, woate ŋu aɖe fukpekpe ɖa, eye ame bubuwo hã kpɔnɛ be xexea me ƒe nɔnɔmewo mate ŋu atrɔ kpata ava nyo o. Nu kae nèsusu?

Nya si Biblia gblɔ

Mawu ava ɖe fukpekpewo ɖa. “Ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Nu bubu kae míate ŋu asrɔ̃ le Biblia me?