Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Marek M. Berezowski/Anadolu Agency via Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Ƒe Ðeka Blibo Va Yi Tso Esime Aʋa Dzɔ Le Ukraine—Mɔkpɔkpɔ Kae Biblia Na Mí?

Ƒe Ðeka Blibo Va Yi Tso Esime Aʋa Dzɔ Le Ukraine—Mɔkpɔkpɔ Kae Biblia Na Mí?

 Fiɖa, February 24, 2023, nye ƒe ɖeka pɛpɛpɛ tso esime nu dziŋɔ aɖe dzɔ—aʋa fe ati le Ukraine. Le nyatakaka aɖewo ƒe nya nua, Ukraine kple Russia asrafo siwo ku alo xɔ abi vevie le aʋaa mea ade 300,000 sɔŋ, eye dumevi dzro siwo kua ade 30,000. Gake anɔ eme be wosɔ gbɔ wu nenema gɔ̃ hã.

 Ewɔ nublanui ŋutɔ be naneke mele eɖem fia be aʋaa ake kpuie o.

  •   “Ƒe ɖeka kloe ye nye esia tso esime Russia dze Ukraine dzi, gake míele dzesi aɖeke kpɔm si fia be aʋaa awu enu kpuie o. Edze abe dukɔ eveawo dometɔ aɖeke mate ŋu akpe nɔvia dzi bɔbɔe o ene, eye naneke meɖee fia be woase nu gɔme na wo nɔewo hã o.”—NPR (National Public Radio), February 19, 2023.

 Vevesese kple fukpekpe si gbegbe aʋa sia kple ʋunyaʋunya bubuwo he va amewo dzi le xexea me godooa gbã dzi na ame geɖe. Mɔkpɔkpɔ kae Biblia na mí? Ðe aʋawɔwɔ nu ayi gbe ɖeka?

Aʋa si atsi aʋawɔwɔwo katã nu

 Biblia gblɔ be aʋa aɖe adzɔ si dzi woato axɔ na ameƒomea, ke menye be ahe tsɔtsrɔ̃ ava wo dzi o. Woyɔ aʋa sia be Armagedon. Eye wogblɔ tso eŋu be enye “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.” (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo he aʋa dziŋɔ geɖe vɛ. Gake Mawu ato Armagedon-ʋaa dzi aɖe dziɖuɖu mawo ɖa. Ne èdi be yeaxlẽ nu tso ale si Armagedon-ʋaa ana ŋutifafa vavãtɔ naxɔ aƒe ɖi ŋua, xlẽ nyati siawo: