NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃TƆWO
Nu Si Akpe Aɖe Ŋuwò Nàɖe Susu Ða Le Dɔ Ŋu Ne Mèle Dɔ Me O
Ale si mɔ̃ɖaŋunuwo va bɔ egbea ŋutɔ la wɔe be amewo ate ŋu ado ka kple wo nɔewo ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. Eya ta wò dɔtɔ, wò dɔwɔhatiwo kple wò asisiwo ate ŋu anɔ mɔ kpɔm be yewoake ɖe ŋuwò ɣesiaɣi si yewohiã wò. Esia ate ŋu awɔe be wòasesẽ na wò be nàkpɔ vovo ɖe nu bubu siwo gale vevie wu la ŋu ne èkpa le dɔ me. Nu vevi siawo dometɔ ɖekae nye wò srɔ̃ɖeɖe.
Nu si wòle be nànya
Mɔ̃ɖaŋunuwo ate ŋu awɔe be nàva nɔ ɣeyiɣi si wòle be nàzã ɖe srɔ̃wò ŋu la zãm ɖe dɔ ŋu. Ne woyɔ wò alo ɖo e-mail alo text ɖe wò tso dɔ ŋu ne mele dɔ me o gɔ̃ hã ate ŋu adze abe nane si gbɔ wòle be nàkpɔ kpata ene.
“Fifia, ale si ame nagbɔ tso dɔ me ko ava nɔ anyi ɖekae kple eƒe ƒomea va zu dze bu ɖe ama me. Elabe yɔyɔwo kple e-mail siwo nàxɔ tso dɔ me ne ègbɔ va aƒe mea, wɔnɛ be wò susu katã va nɔa dɔ ŋu le esi teƒe be wòanɔ srɔ̃wò ŋu.”—Jeanette.
Be nàda asɔ le ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si nèzãna ɖe dɔwɔɖuia kple wò srɔ̃ɖeɖea ŋu la, ele be nàtso nya me le nanewo ŋu. Ne mèwɔ ɖoɖo nyui aɖeke oa, anɔ bɔbɔe be ɖɔwɔɖuia nava xɔ ɖe srɔ̃wò teƒe.
“Zi geɖe la, srɔ̃wò koŋ ŋue wòagblẽ nu le, elabe ànɔ gbɔgblɔm na ɖokuiwò be, ‘Ase egɔme nam. Matsɔe vevie o. Mavo ɖe eŋu ɣebubuɣi.’”—Holly.
Nu siwo akpe ɖe ŋuwò nàda asɔ
Na wò srɔ̃ɖeɖea nanɔ vevie na wò wu. Biblia gblɔ be: “Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke megama eme o.” (Mateo 19:6) Ne màɖe mɔ ame aɖeke ‘nama’ wò kple srɔ̃wò dome oa, ke nu ka tae nàɖe mɔ wò dɔa ya nama mia dome?
“Ewɔna na dɔtɔ alo asisi aɖewo be esi nèkpɔa ga tso yewo gbɔ taa, ele be yewoake ɖe ŋuwò ɣesiaɣi si yewohiã wò. Gake esi nye srɔ̃ɖeɖea le vevie nam ta la, ne woyɔm le ɣeyiɣi siwo menye nye dɔwɔɣi oa, megblɔna na wo be mekpa, mayɔ wo emegbe.”—Mark.
Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe nye nuwɔnawo ɖenɛ fiana be nye srɔ̃ɖeɖea le vevie nam wu nye dɔwɔɖuia?’
Gbe dɔ aɖewo ne ehiã. Biblia gblɔ be: “Ame siwo nyaa afi si woƒe ŋutete se ɖo la si mee nunya le.” (Lododowo 11:2) Ðokuibɔbɔ ana nàkpɔe be ade dziwò wu ne egbe dɔ aɖewo alo be nàde wò dɔa ƒe ɖewo asi na ame bubu.
“Pɔmpidɔwɔlae menye, ta ne ame aɖe be mava kpɔ dɔ aɖe na ye kpata eye nyemate ŋu ayi oa, etena ɖe amea dzi. Ta menana ame bubu va wɔa dɔa nɛ.”—Christopher.
Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe megbea dɔ bubu aɖewo ne ewɔwɔ ana srɔ̃nye nase le eɖokui me be megblẽ ye ɖia? Nya kae srɔ̃nye agblɔ?’
Mikpɔ vovo ɖe mia nɔewo ŋu. Biblia gblɔ be: “Ɣeyiɣi li na nu sia nu.” (Nyagblɔla 3:1) Ne dɔ sɔ gbɔ ɖe dziwòa, ɣemaɣie wòle be nàdze agbagba ɖe sia ɖe akpɔ vovo ɖe srɔ̃wò ŋu.
“Ne edzɔ be dɔ sɔ gbɔ ɖe mía dzi gɔ̃ hã, míeɖoa ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi be míaɖu nu ɖekae alo avae ɖi tsa le ƒuta, eye míekpɔa egbɔ be naneke nagagblẽ ɖoɖo ma me na mí o.”—Deborah.
Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe meɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi tsɔ kpɔa vovo ɖe srɔ̃nye ŋu eye nyemenana naneke gblẽa eme oa? Nya kae srɔ̃nye agblɔ?’
Ðe susuhenuwo ɖa. Biblia gblɔ be: ‘Mikpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii.’ (Filipitɔwo 1:10) Ðe nàte ŋu atsi wò fon alo mɔ̃ bubuwo ɣeaɖewoɣi ale be dɔ me nyawo nagahe wò susu oa?
“Meɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi si mekpana le dɔ me. Ne menya kpa koa, mexea mɔ na nyatakaka siwo ku ɖe dɔ ŋu la xɔxɔ le nye fon dzi.”—Jeremy.
Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe wòhiã kokoko be mana nye fon nanɔ sisi ɣesiaɣi ale be ne nye dɔtɔ alo asisi aɖe hiãm koa, wòake ɖe ŋunyea? Nya kae srɔ̃nye agblɔ?’
Se nu gɔme na srɔ̃wò. Biblia gblɔ be: “Amewo katã nanyae be nugɔmeselawo mienye.” (Filipitɔwo 4:5) Nyateƒee wònye be ɣeaɖewoɣia, miaƒe dɔwo ate ŋu axɔ ɣeyiɣi si miatsɔ avo ɖe mia nɔewo ŋu le mia si. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ dɔ si srɔ̃wò wɔna ate ŋu abia be woake ɖe eŋu le kpakpã megbe. Se nu gɔme na srɔ̃wò le go siawo me.
“Srɔ̃nye ɖo dɔwɔƒe sue aɖe eye ɣeaɖewoɣia, ehiãna be wòatrɔ ayi dɔ me avae kpɔ hiahiã kpata aɖewo gbɔ. Ne edzɔ alea, evea dɔme nam ɣeaɖewoɣi, gake esi wònye be míekpɔa vovo ɖe mía nɔewo ŋu zi geɖe taa, nyemetsɔnɛ vevie o.”—Beverly.
Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mesea nu gɔme na srɔ̃nye ne dɔ geɖe le edzi wòawɔ eye nyemebiana tso esi be wòakpɔ vovo geɖe ɖe ŋunye oa? Nya kae srɔ̃nye agblɔ?’
Biabia siwo me miate ŋu adzro
Gbãa, mia dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu ato nyabiase siwo gbɔna me le eɖokui si. Eyome midzro miaƒe ŋuɖoɖoawo me ɖekae.
Ðe srɔ̃wò gblɔ na wò kpɔ be ne ègbɔ va aƒe me hã, dɔ dzi ko nènɔna? Ne nenemae la, ɖe eƒe nyaa le emea?
Asitɔtrɔ kawoe nèkpɔ be yeate ŋu awɔ, ale be nàgblẽ dɔ ɖe dɔ me?
Ðe nède dzesii kpɔ be srɔ̃wò ganɔ dɔ wɔm le ɣeyiɣi si me wòle be wòakpɔ vovo ɖe ŋuwòa? Ne nenemae la, kawo dzie nèɖo ŋkui?
Tɔtrɔ kawoe nàdi be srɔ̃wò nawɔ ale be wòada asɔ le ɣeyiɣi siwo wòzãna ɖe dɔ kple srɔ̃ɖeɖea ŋu me?