Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Nu Ewolia Dzɔdzɔ Ŋu?
Ale si Biblia ɖo eŋui
Mawu bia tso blema Israel-viwo si be ƒe sia ƒe la, woadzɔ woƒe agblemenukuwo kple lã siwo wokpɔ le ƒe bliboa me la ƒe ewolia a be woatsɔ ado alɔ subɔsubɔ vavãtɔ. Mawu gblɔ na wo be: “Ele be nàna wò agblemenukuwo ƒe ewolia ƒe sia ƒe.”—5 Mose 14:22.
Sedede si nye be woadzɔ nu ewolia la nye Mose ƒe Sea ƒe akpa aɖe. Mose ƒe Se la nye se siwo katã Mawu de na blema Israel-viwo to Mose dzi. Kristotɔwo mele Mose ƒe Sea te o, eya ta womebia tso wo si be woadzɔ nu ewolia o. (Kolosetɔwo 2:13, 14) Ke boŋ, ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe nadzɔ nu “abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o, elabena ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.”—2 Korintotɔwo 9:7.
Nya si Biblia gblɔ tso nu ewolia nana ŋu le “Nubabla Xoxoa” me
Woƒo nu tso nu ewolia nana ŋu zi geɖe le Biblia ƒe akpa si ame geɖe yɔna be Nubabla Xoxoa me. Eye tso esime wotsɔ Mose ƒe Sea na Israel-viwo megbe koŋ ye woƒo nu tso nu ewolia nana ŋu zi geɖe wu. Ke hã woƒo nu tso eŋu zi eve aɖewo do ŋgɔ na Mose ƒe Sea tsɔtsɔ na Israel-viwo.
Do ŋgɔ na Mose ƒe Sea
Abram (alo Abraham) ye nye ame gbãtɔ si ŋu woƒo nu tsoe be ena nu ewolia. (1 Mose 14:18-20; Hebritɔwo 7:4) Edze ƒãa be zi ɖeka koe Abram na nu ewolia Salem fia si ganye nunɔla hã. Gake kpeɖodzi aɖeke mele Biblia me si ɖee fia be Abraham alo viawo gana nu ewolia emegbe o.
Ame evelia si ŋu Biblia ƒo nu tsoe be ena nu ewolia ye nye Abraham ƒe tɔgbuiyɔvi Yakob. Edo ŋugbe na Mawu be ne eyra ye la, yeatsɔ ‘nu sia nu si wòna ye la ƒe ewolia’ anae. (1 Mose 28:20-22) Biblia ŋuti nunyala aɖewo gblɔ be anɔ eme be Yakob na nu ewolia to lã siwo wòtsɔ sa vɔe dzi. Togbɔ be Yakob wɔ ɖe adzɔgbe ma si wòɖe dzi hã la, mebia tso eƒe ƒomea si be woawo hã nana nu ewolia o.
Ale si wona nu ewolia le Mose ƒe Sea te
Mawu de se na blema Israel-viwo be woana nu ewolia be woatsɔ akpe asi ɖe woƒe subɔsubɔnuwɔnawo ŋu.
Agbledenyigbawo menɔ nunɔlawo kple Lewi viwo si o, elabe subɔsubɔdɔa koŋ ye nye woƒe agbemedɔ, eya ta wozãa nu ewolia tsɔ kpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔ. (4 Mose 18:20, 21) Lewi vi siwo menye nunɔlawo o la xɔa nu ewolia si dukɔa dzɔ, eye woawo hã wodzɔa ‘nuwo ƒe ewolia si woxɔ la ƒe ewolia’ ƒe nyuitɔ kekeake na nunɔlawo.—4 Mose 18:26-29.
Edze abe nu ewolia bubu aɖe li si wobia tso Israel-viwo si be woadzɔ ƒe sia ƒe si ɖea vi na Lewi viwo kple ame siwo menye Lewi viwo o siaa. (5 Mose 14:22, 23) Israel-viwo ƒe ƒomewo wɔa nudzɔdzɔ mawo ŋu dɔ le Ŋkekenyui tɔxɛ aɖewo ɖuɣi, eye le ƒe aɖewo me la, wonaa ɖe ame dahewo be woatsɔ akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ.—5 Mose 14:28, 29; 26:12.
Aleke wowɔna nyana nu ewolia si woadzɔ? Israel-viwo ɖea woƒe agblemenuku siwo wokpɔ le ƒe bliboa me la ƒe memama ewo ƒe akpa ɖeka ɖe vovo. (3 Mose 27:30) Ne wotiae be yewoaɖɔli agblemenukuawo kple ga la, ele be woabu ga home si agblemenukuawo axɔ ahatsɔ home ma ƒe memama ɖe atɔ̃ ƒe akpa ɖeka akpee. (3 Mose 27:31) Wode se na wo hã be woana alẽ “nyi alo alẽ ƒe ewolia,” eye anɔ eme be dzidziɖedzi si wokpɔ ɖe nyi alo alẽawo dzi ƒe ewolia ye wonana ene.—3 Mose 27:32.
Be Israel-viwo nabu lã ale si nu woana wòanye nu ewolia la, wotiaa lã ewolia ɖe sia ɖe si ado tso woƒe lãkpo me. Sea gblɔ be womalé ŋku ɖe eŋu akpɔe ɖa be enyo loo alo menyo o, eye womaɖɔlii hã o, eye womate ŋu ana ga ɖe eteƒe hã o. (3 Mose 27:32, 33) Gake le nu ewolia ƒomevi evelia si ŋu dɔ wowɔna le ŋkekenyuiwo ɖuɣi ya gome la, woate ŋu adzra wo, eye gaa nanye nu ewolia si woana. Ðoɖo sia nana nuwo nɔa bɔbɔe na Israel-vi siwo wòahiã be woazɔ mɔ legbewo hafi ade ŋkekenyuiwo ɖuƒe.—5 Mose 14:25, 26.
Ɣekaɣie Israel-viwo dzɔa nu ewolia? Israel-viwo dzɔa nu ewolia ƒe sia ƒe. (5 Mose 14:22) Ƒe adrelia ɖe sia ɖe me koe womedzɔa nu ewolia o. Ƒe adrelia nyea Sabat, ƒe si me Israel-viwo dzudzɔna, eye womewɔa agbledɔ aɖeke o. (3 Mose 25:4, 5) Le esia ta la, womexɔa nu ewolia le Israel-viwo si le ƒe ma me o. Le ƒe etɔ̃ sia ƒe etɔ̃ ƒe nuwuwu la, Israel-viwo maa nu ewolia ƒomevi evelia kple ame dahewo kple Lewi viwo.—5 Mose 14:28, 29.
Ðe wohea to na ame siwo medzɔa nu ewolia oa? Mose ƒe Sea meƒo nu tso nane koŋ si woawɔ atsɔ ahe to na ame aɖe si medzɔ nu ewolia o. Ele be Israel-viwo nadzɔ nu ewolia le esi woawo ŋutɔwo wokpɔe be esɔ be yewoadzɔe ta, ke menye le vɔvɔ̃ na tohehe ta o. Ele be Israel-viwo naʋu eme le Mawu ŋkume be yewodzɔ nu ewolia eye woabia eƒe yayra ɖe esia ta. (5 Mose 26:12-15) Ne Israel-viwo medzɔ nu ewolia o la, Mawu bunɛ be wole adzo dam ye.—Malaki 3:8, 9.
Ðe nu ewolia nana da agba kpekpe ɖe Israel-viwo dzia? Ao. Mawu do ŋugbe na dukɔa be ne wodzɔ nu ewolia la, yeadudu yeƒe yayra akɔ ɖe wo dzi, eye naneke mahiã wo o. (Malaki 3:10) Gake dukɔa kpea fu ne wogbe nu ewolia nana. Yehowa ƒe yayra megava nɔa wo dzi o, eye Lewi viwo kple nunɔlawo va dia dɔ bubuwo wɔna be woatsɔ akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ, si wɔnɛ be womegatea ŋu va kpena ɖe Israel-viwo ŋu be woasubɔ Mawu o.—Nehemiya 13:10; Malaki 3:7.
Nya si Biblia gblɔ tso nu ewolia nana ŋu le “Nubabla Yeyea” me
Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, nu ewolia nana gakpɔtɔ nye nu si wobia tso Mawu subɔlawo si. Gake le Yesu ƒe ku megbe la, womegabia tso Mawu subɔlawo si be woadzɔ nu ewolia o.
Le Yesu ŋɔli
Le Biblia ƒe akpa si ame geɖe lɔ̃a yɔyɔ be Nubabla Yeyea me la, Israel-viwo yi edzi nɔ nu ewolia dzɔm esime Yesu nɔ anyigba dzi. Yesu lɔ̃ ɖe edzi be ele be woadzɔ nu ewolia, gake eƒo nu tsi tre ɖe subɔsubɔhaŋgɔnɔla aɖewo ŋu, elabe woléa fɔ ɖe nu ewolia dzɔdzɔ ŋu, ke woŋea “aɖaba ƒua Se la me nu vevitɔwo, siwo nye dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ kpakple nuteƒewɔwɔ dzi.”—Mateo 23:23.
Le Yesu ƒe ku megbe
Le Yesu ƒe ku megbe la, womegabia tso Mawu subɔlawo si be woadzɔ nu ewolia o. Yesu ƒe vɔsakua ɖe Mose ƒe Sea si me wobia le hã be “woaxɔ nuwo ƒe ewolia” la ɖa.—Hebritɔwo 7:5, 18; Efesotɔwo 2:13-15; Kolosetɔwo 2:13, 14.
a Nu ewolia fia be “ame nama nu siwo wòkpɔ tso eƒe dɔwɔɖui me ɖe akpa ewo, eye wòadzɔ eƒe akpa ɖeka hena taɖodzinu tɔxɛ aɖe. . . . Zi geɖe la, subɔsubɔnyawo tae wodzɔa nu ewolia si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la ɖo.—Harper’s Bible Dictionary, axa 765.